Philippe Pétain
philippe Pétain (ƒe 1856-1951) nye Franseawo ƒe Aʋafiagã si nye Vichy France ƒe ŋgɔnɔla le ƒe 1940 kple 1944 dome.
Le Xexemeʋa I me la, Pétain nye kalẽtɔ le Verdun-ʋaa me eye wòxɔ ŋgɔ na Franseawo ƒe Asrafowo vaseɖe esime aʋaa wu enu le ƒe 1918 me. Le ƒe 1940 me le France-ʋaa wɔɣi la, Franse dziɖuɖua bia tso esi be wòaɖu dukɔa dzi. Etsɔ eɖokui na Germanytɔwo. Tso ƒe 1940 va ɖo ƒe 1942 ƒe nuwuwu la, Vichy France nye dukɔ si Nazi Germany ƒe asisiwo nɔ. Le November 1942 me la, Pétain va zu Nazi Germany ƒe fefewɔvi esime woxɔ Vichy France bliboe heɖe aʋawɔnuwo ɖa.
Le aʋaa megbe la, wodrɔ̃ ʋɔnu Pétain eye wobu fɔe be ewɔ aʋatsokaka. Wotso kufia nɛ gbã, gake le ƒe si wòxɔ kple Xexemeʋa I ƒe dɔwɔwɔ ta la, woɖe eƒe tohehea dzi kpɔtɔ wòzu eƒe agbemeŋkekewo katã ƒe gaxɔmenɔnɔ. Eku le ƒe 1951 me.