North Tongu District
North Tongu Nutome nye nuto wuienyi siwo le Volta Nutome le Ghana me la dometɔ ɖeka . [1] [2] Le gɔmedzedzea me la, wowɔe abe Dziehe Tongu Nutome si lolo ɣemaɣi ƒe akpa aɖe ene le Tedoxe 10, 1989 dzi, eye Adidome nye eƒe fiadu, si woma tso Tongu Nutome Aɖaŋudeha tsãtɔ me, vaseɖe esime woma nutome la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi be woawɔ North Tongu Nutome yeye le Masa 28, 2012 dzi, eye Battor Dugame nye eƒe fiadu, si Sewɔtakpekpe Nuŋlɔdi (LI) ɖo anyi le axa 2081 me; ale wotrɔ ŋkɔ na akpa susɔea be Central Tongu District, eye Adidome nye eƒe fiadu, si woɖo to Sewɔtakpekpe Nuŋlɔdi (LI) le axa 2077 dzi. Ŋutsuwo ƒe xexlẽme le nutome sia me nye 43,990(47.1%) eye nyɔnuwo ƒe xexlẽme nye 49,370 si nye (52.9%) Amewo ƒe xexlẽme katã nye 93,360. Dɔwɔƒe wuiɖekɛ(11) kple dɔwɔƒe bubu siwo si Dɔwɔƒewo ƒe Tatɔwo le Sewɔtakpekpea si siwo katã tsɔa woƒe nyatakakawo naa Nutomedzikpɔla(DCD) tẽ eye mlɔeba naa Nutomedzikpɔlagã(DCE). Sewɔtakpekpe Gã la ƒe zimenɔlae nye Presiding Member(PM). Nutome sewɔtakpekpea le Addidome, si te ɖe Adidome Sekɛndrisuku (Adisec) si le Volta Nutome ƒe dzigbeɣetoɖoƒe gome ŋu eye Battor Dugame ye nye eƒe fiadu.
Liƒowo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]North Tongu Nutome wɔ liƒo kple:
- Volta-tɔ si le ɣetoɖoƒe gome, .
- Ho Municipal nutome kple Akatsi South Nutome le ɣedzeƒe gome,
- South Tongu Nutome le dzigbeɣedzeƒe gome, eye
- Adaklu Nutome le dziehe gome.
Anyigba ƒe nɔnɔme
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Anyigba sia le Tropical Savannah Grassland nutoa me. Volta Tɔsisi la ma nuto la me ɖe akpa eve tso dziehe yi anyiehe
Kɔƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Tsɔ kpe ɖe Battor Dugame, si nye fiadu kple dziɖuɖudɔwɔƒe ŋu la, kɔƒe siwo gbɔna hã le North Tongu Nutoa me:
|
|
|
|
Kpɔ eya hã
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Dzɔtsoƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- "Districts of Ghana". Statoids
- GhanaDistricts.com
Kadodo siwo tso egodo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- ↑ "Volta Region - North Tongu". GhanaDistricts.com. Archived from the original on 2011-07-11. Retrieved 2010-09-15.
- ↑ "Srekpe and surrounding communities share water sources with animals - MyJoyOnline.com". www.myjoyonline.com. Retrieved 2021-05-20.