Jump to content

Nana Konadu Agyeman Rawlings

Tso Wikipedia
Nana Konadu Agyeman Rawlings

Nana Konadu Agyeman-Rawlings (17 November 1948 — 2025) [1] [2] nye Ghana dunyahela eye wònye Dukplɔla tsãtɔ Jerry Rawlings ƒe ahosi. Enye Ghana ƒe Aƒenɔ Gbãtɔ tso 4 June 1979 va ɖo 24 September 1979 kple tso 31 December 1981 va ɖo 7 January 2001. [2] [3] Le ƒe 2016 me la, ezu nyɔnu gbãtɔ si ʋli Ghana Dukplɔla ƒe ɖoƒe ta. Le ƒe 2018 me la, eɖe eƒe agbalẽ si ƒe tanyae nye "It Takes a Woman" ɖe go. [4]

Ðevimenɔɣi kple sukudede

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Nana Konadu Agyeman le Cape Coast, Central Region of Ghana, le 17 November 1948, na JOT Agyeman kple srɔ̃a. Ede Ghana International Suku. [5] Emegbe la, eʋu yi Achimota Suku afisi wòdo go srɔ̃ŋutsu si ava nye, Jerry John Rawlings. Eyi edzi srɔ̃ Aɖaŋudɔwo kple avɔlɔ̃nuwo le Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mɔ̃ɖaŋununya Yunivɛsiti.

Agyeman-Rawlings ƒe zimenɔɣi gbãtɔ abe aƒenɔ gbãtɔ ene va le esi srɔ̃a zu abe asrafowo ƒe Dukɔa ƒe Tatɔ ene le ƒe 1979. Etrɔ va zi dzi le asrafowo ƒe amedzidzedze me le ƒe 1981 me eye wòɖu dzi vaseɖe ƒe 1992 mesime wotiae be wòanye dukplɔla si menye asrafo o. Ewɔ dɔ zi eve ƒe ene, eye wòdzo le dɔme le ƒe 2001. Enye 31st December Nyɔnuwo ƒe Habɔbɔ [6] [7] ƒe zimenɔla le ƒe 1982. Wotiae be woanye NDC ƒe Zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ Gbãtɔ le ƒe 2009 me eye emegbe le ƒe 2011 me la, eʋli akɔ kple Dukplɔla John Atta Mills be yeaxɔ dziɖuɖumegã ƒe ɖoƒe le ƒe 2012 me gake mekpɔ dzidzedze o[8] .

Nana Konadu ɖe Rawlings le ƒe 1977 me. Wodzi wo vi gbãtɔ, si ŋkɔe nye Zanetor, le ƒe 1978 me. Ɣemaɣi la, Rawlings nye yameʋuwo ƒe amegã. Nyɔnuvi eve kple ŋutsuvi ɖeka dze eyome: Yaa Asantewaa, Amina kple Kimathi.[9] Srɔ̃a ku le November 2020 me. Nɔvinyɔnu aɖe nɔ esi si ŋkɔe nye Nana Yaa Agyeman si nye Harruna Attah srɔ̃.[10]

  1. https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/people/person.php?ID=1940
  2. 1 2 https://www.myjoyonline.com/entertainment/2015/October-21st/photos-meet-former-first-lady-nana-konadu-agyeman-rawlings.php
  3. https://www.glitzafrica.com/glitz-top-100-inspirational-women/100/
  4. https://www.graphic.com.gh/news/general-news/ghana-news-nana-konadu-out-with-first-book-it-takes-a-woman.html
  5. https://web.archive.org/web/20190323121644/https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/entertainment/My-mother-opposed-my-marriage-to-Rawlings-Nana-Konadu-reveals-704404
  6. https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/features/31st-December-Women-s-Movement-Is-Not-A-Political-Wing-Of-178025
  7. https://www.modernghana.com/news/588783/1/lets-use-this-year-31st-december-occasion-to-invit.html
  8. https://web.archive.org/web/20190804164826/https://www.peacefmonline.com/pages/politics/politics/201602/270811.php
  9. https://www.modernghana.com/news/817210/nana-konadu-agyeman-rawlings-celebrates-69th-birthday.html
  10. https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/NewsArchive/Today-in-History-Nana-Konadu-Agyeman-Rawlings-loses-sister-1826567