Jump to content

Maxwell Kwame Lukutor

Tso Wikipedia

Maxwell Kwame Lukutor (wodzi le Tedoxe 16, 1974) nye Ghana dunyahela eye wònye sewɔtakpekpe asiekelia me tɔ le Republic of Ghana enelia me na South Tongu nuto si le Volta nuto me le Ghana. [1] [2]

Ðevimenɔɣi kple sukudede

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Maxwell Kwame Lukutor le ƒe 1974 me, etso Tefle le Volta Nutome le Ghana . Ewu eƒe O-Level nu le Sogakope Senior High School le Masa 1993 me. Esrɔ̃ nu le Kwame Nkrumah University of Science and Technology afisi wòxɔ BSC Geodetic Engineering le le Masa 2001. Emegbe exɔ Commonwealth Executive Masters ɖaseɖigbalẽ le Dukɔa ƒe Dɔwɔnyawo me le Masa 2019 me le KNUST ,IDL. [1]

Dɔ siwo wòwɔ dometɔ aɖewoe nye Ghana Institution of Surveyors le Volta Nuto me ƒe zimenɔla, Ghana Institution Engineers me tɔ, dɔdzikpɔlawo ƒe ɖoƒewo le Licensed Surveyors, Association of Ghana, Volta Regional Lands Commission me tɔ kpakple kplɔla le Sogasco Old Students’ Association me. [3] Enye Global Surveys ƒe Dɔdzikpɔlagã. Enye Malmaxi Group of Companies ƒe dɔdzikpɔlagã hã. [3] Eɖu dzi le akɔdadaawo me esi wòdo kpo nu zi etɔ̃ eye wòxɔ ame 597 tsɔ ɖu sewɔtakpekpe me tɔ si le zi dzi, Kobena Mensah Woyome si xɔ akɔdada 562.

Ame ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Maxwell Kwame Lukutor nye Kristotɔ .

  1. 1 2 "Parliament of Ghana". www.parliament.gh. Retrieved 2025-05-01.
  2. ↑ "South Tongu NDC parliamentary candidate assures of massive development". GhanaWeb. 2023-05-18. Archived from the original on 2024-12-26. Retrieved 2025-05-01.
  3. 1 2 "2024 Election: South Tongu MP-elect gave Mahama the highest percentage of votes - MyJoyOnline". www.myjoyonline.com. Retrieved 2025-05-01.