Marcelin Bossou
| Sex or gender | male |
|---|---|
| Country of citizenship | Togo |
| Given name | Marcelin |
| Family name | Bossou |
| Date of birth | 3 Dame 1984 |
| Place of birth | Lomé |
| Occupation | film director, screenwriter, television producer |
| Award received | Panafrican Film and Television Festival of Ouagadougou |
Marcelin Bossou, si ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye Bossou-Hunkali Akakpo Massinou, nye Togotɔ sinimadzikpɔla kple ewɔla[1]. Enye Marbos Productions Sarl-U si le Lomé, Togo, ƒe gɔmeɖola kple eƒe dɔdzikpɔlagã hã[2].
Agbemeŋutinya
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Ɖevinyenye
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Bossou-Hunkali Akakpo Massinou nye Togotɔ si tso Benine, wodzii le May 3, 1984, eye wonyii le Lomé[3], Togo. Edze eƒe dɔ gɔme abe nutatawɔla ene, eye fotoɖeɖe kple atsyãwo dzɔa dzi nɛ vevie. Emegbe eva tsɔ ɖe le sinima me. Fofoa, si nye fefewɔha ƒe tatɔ tsã la kplɔe yi ɖawɔ nɔnɔmetatawo le television dzi. Esrɔ̃ kadodomɔnu le Côte d’Ivoire, afisi wòxɔ mɔ̃ɖaŋudɔwɔla ƒe ɖaseɖigbalẽ si de ŋgɔ wu le. Esi wòtrɔ yi Togo la, ewɔ dɔ le Radio Télé Télévision Delta Santé, si nye television dɔwɔƒe aɖe si menye ame ŋutɔ tɔ o, gbã abe mɔ̃ɖaŋudɔwo dzikpɔla ene eye emegbe wònye dɔdzikpɔla. Le eƒe nusɔsrɔ̃ kple hehexɔxɔ megbe la, ekpɔ gome le fefe geɖe me abe dɔdzikpɔla kple nuŋlɔla ene. Etsɔ eƒe sinima kpui etɔ̃lia si nye Les deux frères (Nɔviŋutsu Eveawo) xɔ Sinima Nyuitɔ ƒe kafukafu le Clap Ivoire ƒe azã si woɖu le Côte d’Ivoire le ƒe 2015 me.
Dɔwɔwɔ le Sinima me
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le ƒe 2008 me la, eŋlɔ ŋkɔ ɖe Marrakech School of Visual Arts (ESAV) le Morocco, afisi wòxɔ eƒe BA le Film Studies me, kple major le Directing me, le ƒe 2012. Le esia megbe la, ekpɔ eƒe sukunuwuwu film, Nuit de noces (Srɔ̃ɖe Zã), si na wòte ŋu kpɔ gome le azã geɖe me[4].
Esi Marcelin Bossou wu suku nu la, ekpɔ gome le fefe geɖe me abe nufiala, dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, nuŋlɔla, kple nuwɔlagã ene. Exɔ Les deux frères (Nɔviŋutsu Eveawo) ƒe Sinimaɖeɖe Nyuitɔ ƒe Kafukafu le Clap Ivoire Sinimawɔƒe si wowɔ le Côte d’Ivoire le ƒe 2015. Efiaa sinima me dzodzro, nuŋɔŋlɔ, kple aɖaŋudɔwo edziedzi le École supérieure de cinématographie (ESEC) le Lomé[2].
Esi Marcelin Bossou kpɔ sinima kpui si nye L’anniversaire (Dzigbezã) dzi le ƒe 2012 me vɔ la, edzra ɖo be yeaɖe sinima kpui bubu si nye La montre (The Watch), eye wòŋlɔ sinima gã aɖe si ƒe tanyae nye Broken Drums. Wokpee hã va CinéAfriqua azãɖuɖu ƒe tata 3 lia me[3].
Fifia ele dɔ wɔm tso eƒe sinima gbãtɔ si wòɖo be yeaɖe ɖe go le ƒe 2021 ƒe adame la ŋu[5].
Nyatakaka siawo tsoƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- ↑ http://africine.org/personne/marcelin-bossou/31294
- 1 2 https://africultures.com/personnes/?no=31294
- 1 2 https://cameratogo.wordpress.com/2012/02/
- ↑ https://www.africardv.com/societe/togo-marcellin-bossou-et-les-jeunes-de-lai-parlent-de-droits-sexuels/
- ↑ https://www.africardv.com/societe/togo-marcellin-bossou-et-les-jeunes-de-lai-parlent-de-droits-sexuels/