Mahamudu Bawumia

Dr Mahamudu Bawumia (wodzi le October 7, 1963, Tamale, Ghana) nye Ghana gaŋutinunyala, gadzraɖoƒedɔwɔla, kple dunyahela si do ƒome kple New Patriotic Party (NPP). Ewɔ dɔ abe Ghana dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ tso ƒe 2017 va ɖo ƒe 2025[1][2]. Bawumia nye ame siwo di be yeaxɔ ɖoƒe le akɔdada si wowɔ le December 7, 2024 dzi la ƒe dometɔ ɖeka[3]: John Mahama, si doka kple National Democratic Congress (NDC) ɖu edzi[4][5].
Ðevimenɔɣi kple Sukudede
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wodzi Bawumia le Tamale, Ghana, na Alhaji Mumuni Bawumia kple Hajia Mariama Bawumia. Enye fofoa ƒe vi 18 la dometɔ wuievelia eye wònye dadaa ƒe vi atɔ̃awo dometɔ evelia[6][7][8].
Mahamudu Bawumia de Sakasaka gɔmedzesuku le Tamale [9] eye wòyi Tamale Sekɛndrisuku le ƒe 1975 me. Esi wòwu Tamale Sekɛndrisuku nu la, eyi United Kingdom, afisi wòsrɔ̃ gadzraɖoƒedɔwo le eye wòxɔ Chartered Institute of Bankers Diploma (ACIB). Enye Ghana Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sukuviwo ƒe Habɔbɔ (GUNSA) ƒe zimenɔla le ƒe 1981 me. Exɔ Bubu ƒe Dzeside Gbãtɔ le gaŋutinunya me le Buckingham Yunivɛsiti le ƒe 1987 me.
Emegbe exɔ gaŋutinunya ƒe master ƒe ɖaseɖigbalẽ le Lincoln College, Oxford, eye wòxɔ gaŋutinunya ƒe PhD le Simon Fraser Yunivɛsiti, Vancouver, British Columbia, Canada le ƒe 1995[10].
Dᴐwᴐna
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Tso ƒe 1988 va ɖo ƒe 1990 me la, Bawumia wɔ dɔ abe nufiala le ganyawo ŋuti le Emile Woolf College of Accountancy le London, England. Ewɔ dɔ hã abe gaŋutinunyala ene le Dukɔwo Dome Ganyawo Gbɔkpɔha ƒe Numekuku Dɔwɔƒe le Washington, DC Bawumia hã nye Afrika Ŋgɔyidɔwo ƒe Gadzraɖoƒegã teƒenɔla si le Zimbabwe[11].
Le ƒe 1996 kple 2000 dome la, Bawumia nye gaŋutinunya ƒe nufialagã ƒe kpeɖeŋutɔ le Hankamer ƒe Asitsasuku le Baylor Yunivɛsiti le Waco, Texas, U.S.A., afisi wòxɔ Sɔhɛ Numekula ƒe Kafukafu le le ƒe 1998 me. Woŋlɔe ɖe "Amekae Nye Amekae Le Amerika Nufialawo Dome" me le ƒe 1999 me. Eŋlɔ agbalẽ eve siwo ƒo nu tso ganyawo ŋuti ɖoɖowo kple ganyawo ƒe ŋgɔyiyi hã ŋu. [12]
Bawumia trɔ yi Ghana le ƒe 2000 me be yeawɔ dɔ abe gaŋutinunyala ene le Ghana Gadzraɖoƒe . Etso gaŋutinunyalagã dzi va zu dɔwɔƒea ƒe tatɔ eye emegbe wòzu gadzraɖoƒea ƒe amegã ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ. Dukplɔla John Kufuor ɖo Bawumia Ghana Gadzraɖoƒegã ƒe dziɖuɖumegã teƒenɔla le June 2006. [13]
Le ƒe 2008 ƒe akɔdada megbe kpuie la, Bawumia ɖe asi le dɔ ŋu abe nutodziɖula teƒenɔla ene le Ghana Gadzraɖoƒe.
Ƒe 2008 ƒe akɔdada
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Mahamudu Bawumia nye New Patriotic Party ƒe ametiakɔdala ƒe kpedeŋutɔ le ƒe 2008 [14] [15] [16]. NPP dzi eƒe akpa si le akɔdadaa me ɖe edzi ne wotsɔe sɔ kple ƒe 2004 me le Dziehe Nuto etɔ̃awo katã me[2].
Ƒe 2012 ƒe akɔdada
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wogaɖo Bawumia be wòanye Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ na Nana Akufo-Addo hena ƒe 2012 ƒe akɔdada le March 2012. [17]
Akpahaa xɔ zikpui 10 le Dziehe Nutome siwo dometɔ aɖewoe nye Yendi, Walewale, Yagaba – Kubore, Bunkpurugu, Bimbilla, Chereponi, Kpandai, Tatale – Sanguli, Tolon kple Zabzugu. Eɖu dzi le Nabdam kple Talensi Nutome siwo le Dzigbe Ɣedzeƒe Nutome hã me. Le nusianu me la, Nana Akufo-Addo kple Bawumia bu le akɔdadaa me na John Dramani Mahama[18].
Ƒe 2016 ƒe akɔdada
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Nana Akuffo-Addo tia Bawumia be wòanye yeƒe dukplɔla ƒe zɔhɛ le ƒe 2016 ƒe akɔdadaa me[19][20].
ƒe 2024 ƒe akɔdada
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le Dzoɖa, 16 June 2023 dzi la, Bawumia tsɔ eƒe ŋkɔ ɖo ɖa be yeaʋli ho le NPP Dukplɔla ƒe ŋgɔdonyawo me. [21] Abe dukplɔla ƒe ŋgɔdonyawo ƒe akpa aɖe ene la, Bawumia tia nɔƒe ewolia le esi wòda akɔ ɖe ame atɔ̃ siwo le ho ʋlim hena dukplɔla ƒe ametiatia mamlɛtɔ na NPP le ƒe 2024 ƒe tiatia me la tiatia vɔ megbe. [22] Bawumia, le 26 August 2023 dzi, ɖu dzi le New Patriotic Party ƒe super delegates congress me kple 68%, eɖu ame enyi bubu wo dzi.
Le Kuɖa, 9 July 2024 dzi la, Bawumia ɖe Ðɔkta Matthew Opoku Prempeh ɖe go be enye yeƒe kpeɖeŋutɔ le ƒe 2024 ƒe dutoƒotiatiawɔɣia me. [23] [24] [25] Woɖee ɖe go le Jubilee Park le Kumasi.
Le 8 December 2024 dzi la, Bawumia lɔ̃ ɖe edzi be yebu na Dukplɔla tsãtɔ John Mahama le nuƒo aɖe si wòƒo na nyadzɔdzɔgblɔlawo le eƒe aƒeme. [26]
Eƒe agbenɔnɔ
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Bawumia ɖe Samira Bawumia eye vi ene le wo si. [11] Enye Mabia (Mossi-Dagbon) to me tɔ[27]. Moslemtɔe wònye. Wotsɔ Yaa Naa Mahamadu Bila, si nye Dagbon - fia si ɖu dzi tso ƒe 1948 va ɖo ƒe 1953[28] ƒe ŋkɔ na Bawumia. Ŋkɔ Bawumia gɔmee nye "Wose" le Dagbanli kple Gmampruli gbewo me.
Nusiwo ŋu woke ɖo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- ↑ https://www.ghanastar.com/news/ghanas-new-president-vice-president-peacefully-sworn-in/
- ↑ 2.0 2.1 https://www.ghanaweb.com/person/Mahamudu-Bawumia-1188
- ↑ https://citinewsroom.com/2023/08/bawumia-tops-npp-super-delegates-conference-ken-agyapong-qualifies-for-november-primaries/
- ↑ https://citinewsroom.com/2024/12/bawumia-concedes-defeat-congratulates-mahama/
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Mahamudu_Bawumia#cite_note-46
- ↑ https://web.archive.org/web/20210913155259/https://www.moc.gov.gh/he-alhaji-dr-mahamudu-bawumia
- ↑ https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/people/person.php?ID=1188
- ↑ "Archive copy". Archived from the original on 2023-11-16. Retrieved 2025-01-23.
- ↑ https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/NewsArchive/Bawumia-surprises-primary-school-teacher-who-transformed-his-life-954595
- ↑ https://www.sfu.ca/sfunews/stories/2016/sfu-alumnus-to-serve-ghana-as-vice-president.html
- ↑ 11.0 11.1 https://ghanaceosummit.com/speaker/mahamudu-bawumia/
- ↑ https://live.worldbank.org/experts/mahamudu-bawumia
- ↑ https://dailyguidenetwork.com/bawumia-thanks-president-kufuor-after-historic-flagbearership-race-victory/
- ↑ "Archive copy". Archived from the original on 2024-12-02. Retrieved 2025-01-23.
- ↑ https://www.myjoyonline.com/politics/2014/October-23rd/bawumia-confirmed-as-running-mate-to-akufo-addo.php
- ↑ https://dailyguidenetwork.com/bawumia-reveals-nanas-secret/
- ↑ https://www.newsghana.com.gh/nana-addo-chooses-running-mate-sets-to-shock-party-with-bawumia-tomorrow/
- ↑ https://www.aljazeera.com/news/2012/12/11/mahama-declared-winner-of-ghana-election
- ↑ https://www.graphic.com.gh/news/politics/akufo-addo-chooses-top-notch-bawumia-as-running-mate.html
- ↑ "Archive copy". Archived from the original on 2023-11-20. Retrieved 2025-01-23.
- ↑ https://3news.com/mammoth-crowd-escorts-bawumia-to-file-his-nomination/
- ↑ https://citinewsroom.com/2023/07/npp-flagbearer-balloting-held-ken-agyapong-picks-number-1-bawumia-10/
- ↑ https://www.myjoyonline.com/npp-unveils-opoku-prempeh-as-bawumias-running-mate-today/#google_vignette
- ↑ https://citinewsroom.com/2024/07/napo-to-be-officially-outdoored-as-bawumias-running-mate-in-kumasi-today/
- ↑ https://www.myjoyonline.com/playback-npp-unveiled-opoku-prempeh-as-bawumias-running-mate/
- ↑ https://www.bbc.com/pidgin/articles/c99xy0mn39do
- ↑ https://www.researchgate.net/publication/342391962
- ↑ https://thecustodianghonline.com/2022/08/ya-naa-mahamadu-abdulai-named-me-after-him-bawumia/