Lododo

Tso Wikipedia

Lododo alo Lododowo (Eŋlisigbeme Proverbs ) nye nya siwo miegblɔna kuɖe agbe aɖe si ame ɖe nɔ la ŋu. Enu enu la, nya siawo nyea nuxɔxlɔ̃ na amewo eye wodea sesẽ lãme na nunyuiwɔlawo.

Lododo ƒe kpɔɖeŋu aɖewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Lododo ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye:

  1. Abɔ mekpe na wu ata o.[1]
  2. Ada ata so ha, mɔ le eme.[1]
  3. Adeɖitsa kple lãɖitsa ye do na go.[2][3]
  4. Adzofu di aha ʋuu, amatsi woku ne.[1]
  5. Afi ɖu ke, ke mevɔna le efe ŋkume o.[1]
  6. Afia ɖe kpɔkpɔ nyo wu ya me kpɔkpɔ.[2]
  7. Afɔ me yi na nugbe eye atagba tsi na aƒe o.[2][3]
  8. Afɔ tu de, memuna de o.[1]
  9. Aƒevemegbɔ, gbɔdome wòtsina.[1]
  10. Agaga lolo me ƒle na agaga eve ƒe nu o.[2][3]
  11. Agalã be ne yele axa dzi zɔm hã menye mɔ yebu o.[4]
  12. Agbavi tɔ meɖuna anyanya o.[1]
  13. Agbebaɖaa metia agbetɔ o.[1]
  14. Agbenɔxevi megbea fu megbea fuma to o.
  15. Agɔ biã, de biã, gake agɔ me daa ami o.[1]
  16. Agɔbaya meƒoanu dzro o. Yae ɖo agɔme.[1]
  17. Ahlɔ̃e medoa nyi fɔkpa o.
  18. Ako be ne meɖi ʋu o hã, kpɔ ye ƒe ble me ɖa.[1]
  19. Akɔta gbadzaa melɔ na halã o.[1]
  20. Alegeli be ekpo ɖe megbetɔwo dzi.
  21. Ame aɖe me de na deku eve alɔme eye lɔ na kui o.[2]
  22. Ame eve metsia bome o.
  23. Ame ŋutɔ ƒe aba vuvu me di na nya na ame o.[2][3]
  24. Ame ŋutɔ ƒe golomehɛ ye si na ame.[2]
  25. Ame ye nɔ na ame ŋuti hafi wo nye na zami.[2]
  26. Anyigba sese gake agama ɖo na afɔ anyi blewuu.[2]
  27. Ati ɖeka me wɔna ave o.[2][3]
  28. Ati gɔglɔ dzi wonɔ na hafi tso dzɔdzɔ ɛtɔ.[2]
  29. Avu ɖu ƒu me dua ga o.
  30. Avu ɖuna avutɔ.[2]
  31. Avulélae xɔa kɔ.
  32. Bafa medoa kalẽ ha ɖa o.[4]
  33. Dadi be nusi avu kpɔ hafi do ɣli, ye yekpɔna mia ŋku ɖedzi.
  34. Detsi vivi ye hea zikpui.[4]
  35. Dɔbu me ɖu na nu eye dɔbu de na asi o.[2]
  36. Du aɖe me gbede ʋuyɔvi wòzuna le du bubu me.[4]
  37. Du aɖewo ƒe gbagba ye nye du aɖewo ƒe tutu.[2][3]
  38. Du sia du kple eƒe koklokoko.[4][3]
  39. Dumenyo mesɔa aƒe o.
  40. Dzea ʋa ɖia, aʋa mesi nɛ o.
  41. Dzigbɔdi wo tsɔ xɔa nu le fia si.
  42. Ɖe wo ta na hafi zɔ na.
  43. Ɖevi gba abɔbɔgo megba na klogo o.[2]
  44. Ɖevi ka aple gã mekaa nya gã o.[2]
  45. Fu kple dzidzɔ la nɔviwo wonye.[4][3]
  46. Gbɔ̃ tokpo ye xlɔŋu via.
  47. Gbɔ̃sikɛ menɔa gbɔ̃ ŋgɔ o.
  48. Ge me tu na xɔ na aɖaba o.[2][3]
  49. Gli matsɔ amegbɔ wome dea mee o.
  50. Ha be mele lolo me o, tsivivi mee wole.
  51. Ha be ŋdi tsie nye nyia.
  52. Hadzimatso la, akaye wo gba na.[2]
  53. Haho metsɔa tɔ o.
  54. Klo be wó be ye neva kpɔ yegbe, ye na be ye ƒe ta tsi gome.
  55. Klugã me nye vigã o.[2]
  56. Koklo be kɔ gbɔe agbe le.
  57. Koklo be ɣlidola wo xɔna na.
  58. Koklo metsɔa ƒu dome vea avu o.
  59. Kokloxɔ vuvu mekpe na ŋu na koklo o.
  60. Koklotsu eve wo le adzre wɔm, gake wo le wo nɔɛwoƒe ŋkukpɔm.[2]
  61. Kɔdzo Dei be yele Blu fiam gake yeƒe ŋku le Eʋegbe ŋu.[4]
  62. Lagla xoxo me ƒo na detsi o.[2]
  63. Makpɔƒle metsia asime o.
  64. Melege melegea ɖewo tsia ɖi ame.
  65. Mɔdidi megbea du nu yi na o.
  66. Mɔse ƒe ye nye xɔme.[2]
  67. Ne abɔbɔ yi nu gbe la, klo gbɔ wo dze na.[2]
  68. Ne ame aɖe le ʋu tome ƒom la, egbɔ na ʋu la ŋutɔ ƒoge.[2]
  69. Ne ati aɖe le nya dim ɣesiaɣi le fíáwo ŋuti la, mumu ye le dzrom.[2][3]
  70. Ne edidi ʋu hã etsɔ ko woyɔne.
  71. Ne lo lolo ʋuu hã la, azimevi ko wonye.[2]
  72. Ne lɔ̃lɔ sakɔ la menya tuna o.[3]
  73. Ne ŋkugbagbatɔ aɖe be ye le ekpe da ge la, eƒe afɔ le ekpe la dzi xoxo.[2][3]
  74. Nuɣeɖutɔ me nyana be dɔto o.[2][3]
  75. Nunya adidoe asi me tu ne o.
  76. Nunyui wɔla ƒe ta me tsia bame o.
  77. Sabala le nogo gake mɔ le eme.
  78. Safui sese ye ʋu na gaʋɔ.[2]
  79. Ta ɖeka meɖoa aɖaŋu o.
  80. Ta menɔanyi klo dɔa kuku o.
  81. Tɔmedela ye gba na ze.[2][3]
  82. To mekpeɛwu ta o.
  83. Tre eve nɔ tɔŋgɔ me gbe na gododo o.[2]
  84. Vi gbã abɔbɔgo me gbã klo go o.
  85. Vivi mevɔ na le agɔ kuŋu hafi wotsɔne ƒua gbe o.
  86. Vivɔɛ me nye na mi le ata dzi eye wo tsɔ na hɛ kpanaɛ o.[2]
  87. Ʋutɔtrɔ ŋue wotrɔa ɣeɖuɖu ɖo.[4]
  88. Wome da kalami ɖe dadi gbɔ o.
  89. Zego yibɔ me ye akatsa ɣi la do go tso.[2][3]
  90. Zigã me nye fia o.[2]

Nyasiawo ƒe tsoƒe[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. 1.00 1.01 1.02 1.03 1.04 1.05 1.06 1.07 1.08 1.09 1.10 1.11 Cephas Yao Agbemenu (1 November 2010). "A Collection of Ewe Proverbs" (PDF). Retrieved 7 July 2021. 
  2. 2.00 2.01 2.02 2.03 2.04 2.05 2.06 2.07 2.08 2.09 2.10 2.11 2.12 2.13 2.14 2.15 2.16 2.17 2.18 2.19 2.20 2.21 2.22 2.23 2.24 2.25 2.26 2.27 2.28 2.29 2.30 2.31 2.32 2.33 "Some Ewe proverbs and their meanings". Retrieved 7 July 2021. 
  3. 3.00 3.01 3.02 3.03 3.04 3.05 3.06 3.07 3.08 3.09 3.10 3.11 3.12 3.13 3.14 Florence Emefa Agra (March 2016). "Ewe Proverbs - A Source of Imagery for Textile Designs". Retrieved 7 July 2021. 
  4. 4.0 4.1 4.2 4.3 4.4 4.5 4.6 4.7 "Ewe Proverbs July (Ghana and Togo): 41 in Total". African Matters. 7 July 2012. Retrieved 7 July 2021. 

Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]