Jump to content

Lake Chala

Tso Wikipedia
Lake Chala
volcanic crater lake
Basin countryTanzania Trɔ asi le eŋu
CountryTanzania, Kenia Trɔ asi le eŋu
Located in the administrative territorial entityKilimanjaro Region Trɔ asi le eŋu
Coordinate location3°19′0″S 37°42′0″E Trɔ asi le eŋu
Map

Chala Ta (si wogayɔna be Challa Ta) nye ta si me do le si le Kenya kple Tanzania ƒe liƒo dzi. Anɔ abe ƒe 250,000 enye sia ene la, wowɔ ta sia[1]. Enɔ Kilimanjaro Toa ƒe ɣedzeƒe gome, si didi tso Taveta, Kenya, ƒe dziehe gome abe kilometa ene, eye wòdidi tso Rombo Nutome, Tanzania, ƒe ɣedzeƒe gome abe kilometa 55 ene. Wotsɔ do aɖe si le tsia dzi si ƒe kɔkɔme nye meta 170 (afɔ 560) xe ta la[2].

Tsidzadza si ade milimeta 565 (inch 22.2) dzana le Chala ta ƒe sia ƒe le mama dedie nu. Ta la hã kpɔa yaƒoƒo ƒe agbɔsɔsɔme si ade milimeta 1,735 (inch 68.3) le mama dedie nu ƒe sia ƒe [3]. Anɔ abe 80% le ta la me tsi si sina toa eme la me tsoa anyigba te tsiwo me. Tsidzadza koŋue naa anyigba te tsi sia le ave siwo le towo dzi le Kilimanjaro To dzi le teƒe siwo kɔkɔ meta 1,800 va ɖo 2,800 (afɔ 5,900–9,200). Anyigba te tsiwo xɔa abe ɣleti etɔ̃ ene hafi wozɔa mɔ tso toa dzi yia ta la me.

Le ƒe 1964 kple 1977 dome la, anyigba te tsi gena ɖe ta la me le ƒe sia ƒe ƒe akɔntabubu nu.

Nyatakaka siawo tsoƒewo

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]
  1. https://web.archive.org/web/20180627173649/http://www.aqua.iee.unibe.ch/unibe/portal/fak_naturwis/d_dbio/b_ioekev/abt_ae/content/e60752/e339757/e376721/files681202/Dieleman_Muschicketal.2018_Hydrobio_LakeChala_eng.pdf
  2. https://epic.awi.de/id/eprint/36193/1/Wolff_LO_2014.pdf
  3. http://www.vliz.be/imisdocs/publications/ocrd/229981.pdf