Jump to content

L. K. Kodjiku

Tso Wikipedia
Lawrence Kpabitey Kodjiku
ame
Sex or gendermale Trɔ asi le eŋu
Country of citizenshipGhana Trɔ asi le eŋu
Given nameLawrence Trɔ asi le eŋu
Date of birth31 Siamlɔm 1932, 30 Siamlɔm 1931 Trɔ asi le eŋu
Date of death2022 Trɔ asi le eŋu
Languages spoken, written or signedEŋlisigbe Trɔ asi le eŋu
Occupationdiplomat, politician Trɔ asi le eŋu

Lawrence Kpabitey Kodjiku (30 Siamlɔm 1931 – 2022) nye Ghana asrafo kple dunyahela. Enye National Service Secretariat ƒe Dɔdzikpɔla gbãtɔ tso ƒe 1973 va ɖo ƒe 1975,Ashanti Nuto me ƒe Nutome Dɔdzikpɔla (Nutomedzikpɔla) tso ƒe 1975 va ɖo ƒe 1977 me, Greater Accra Nuto me Dɔdzikpɔla tso ƒe 1977 va ɖo ƒe 1978, kple Northern Nuto me Dɔdzikpɔla tso ƒe 1978 va ɖo ƒe 1979.

Ðevimenɔɣi kple sukudede

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Kodjiku le Siamlɔm 30, 1931 dzi le Odumase-Krobo . [1] [2] Exɔ eƒe sukudede gbãtɔ le Presbyterian Gɔmedzesuku le Bana Hill afisi wòxɔ eƒe standard 7 ƒe ɖaseɖigbalẽ le le ƒe 1947. [1] Exɔ eƒe sekɛndrisuku le Presbyteria Sekɛndrisuku (si nye Presbyteria Ŋutsuviwo ƒe Sekɛndrisuku, Legon fifia) tso ƒe 1948 vaseɖe ƒe 1952 esime wòxɔ eƒe Cambridge Suku ƒe Ðaseɖigbalẽ. [3] Le eƒe sekɛndrisuku sɔsrɔ̃ megbe la, eŋlɔ ŋkɔ ɖe Presbyteria Nufialawo ƒe Hehenaƒe, Akropong (si nye Presbyteriatɔwo ƒe Sukudede Kɔledzi, Akropong fifia), afisi wonɛ eƒe Nufialawo ƒe Hehenagbalẽvi (Nufialawo ƒe Ðaseɖigbalẽ ‘A’) le. Ege ɖe Ghana Yunivɛsiti le ƒe 1962 me afisi wona eƒe Bachelor of Arts ƒe ɖaseɖigbalẽe le le ƒe 1965. [4]

Kodjiku dze nufiala gɔme le ƒe 1955 me, efia nu le gɔmedzesukuwo, kple sekɛndrisukuwo me eye wòfia nu le Polytechnics hã me vaseɖe ƒe 1962 me esime wòŋlɔ ŋkɔ ɖe Ghana Yunivɛsiti . Le eƒe nusɔsrɔ̃ le Ghana Yunivɛsiti megbe la, efiaa nu ɣeyiɣi kpui aɖe le Prempeh Kɔledzi hafi woxɔe ɖe Ghana Asrafowo ƒe Hehenaha me le ƒe 1965 me. Tso ƒe 1965 vaseɖe ƒe 1967 me la, efia nu le Ghana Asrafowo ƒe Suku, emegbe woɖee yi Dukɔa ƒe Aʋawɔnyawo Gbɔkpɔha me afisi wònye Dɔwɔƒea ƒe Sukudede Dɔdzikpɔla tso ƒe 1967 va ɖo ƒe 1973.

Esi woɖo National Service Secretariat le ƒe 1973 me la, woɖo Kodjiku agbalẽŋlɔƒea ƒe dɔdzikpɔla gbãtɔ. [5] Ewɔ dɔ le ɖoƒe sia vaseɖe ƒe 1975 me. Le ƒe 1975 me, esi wogbugbɔ ɖo National Redemption Council (NRC) wòzu Supreme Military Council (SMC), woɖoe Ashanti Nutome ƒe Nutomedzikpɔla . [6] [7] Ewɔ dɔ le dɔwɔƒe sia vaseɖe ƒe 1977 me esime woɖoe Greater Accra Nutome Dɔdzikpɔla. [8] [9] Le ƒe 1979 me la, woɖoe Nutomedzikpɔla na Northern Nuto me le Armed Forces Revolutionary Council. te . [10] Le ƒe 1992 me la, eva zu ƒe 1992 ƒe Tiatiawɔha me tɔ .

Eƒe agbenɔnɔ kple ku

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Kodjiku xɔ dzudzɔ le dukɔa ƒe dɔwɔwɔ me le ƒe 1980 me eye wòyi agbledede me. Eƒe modzakaɖeɖewo dometɔ aɖewoe nye nuxexlẽ kple adedada. Enye srɔ̃tɔ eye vi ene nɔ esi. [6]

L. K. Kodjiku ku le ƒe 2022 me, esime wòxɔ ƒe 91. [11]

  1. 1 2 Current World Leaders: biography and news. Almanac of Current World Leaders. 1977.
  2. ↑ Africa Who's who. Africa Journal Limited. 1991. ISBN 978-0-903274-17-3.
  3. ↑ Current World Leaders: biography and news. Almanac of Current World Leaders. 1977.
  4. ↑ Clegg, Sam (1992-03-25). Daily Graphic: Issue 12855 March 25 1992. Graphic Communications Group.
  5. ↑ Current World Leaders: biography and news. Almanac of Current World Leaders. 1977
  6. 1 2 Current World Leaders: biography and news. Almanac of Current World Leaders. 1977.
  7. ↑ Secretary, Ghana Supreme Military Council Office of the Press (1977). General Kutu Acheampong: The Fifth Milestone, 13th January 1976-12th January 1977. Office of the Press Secretary to the Supreme Military Council.
  8. ↑ The Mirror. Graphic Communications Group. 1803.
  9. ↑ Current World Leaders: Almanac. Almanac of Current World Leaders. 1978.
  10. ↑ West Africa. West Africa Publishing Company Limited. 1978.
  11. ↑ "Lt. Col. Lawrence Kpabitey Kodjiku". RIP Ghana. 28 February 2023. Retrieved 24 December 2023.