Kwame Owusu-Ansah
| Sex or gender | male |
|---|---|
| Country of citizenship | Ghana |
| Date of birth | 9 Dzome 1967 |
| Date of death | 2 Dame 2008 |
| Cause of death | traffic collision |
| Native language | Akan |
| Languages spoken, written or signed | Eŋlisigbe |
| Occupation | actor |
Kwame Owusu-Ansah or Kwame Owusu Ansah (or John William Kwame Owusu Ansah,[1] 9 Dzome 1967 - 2 Dama 2008[2][3]) nye Ghana radio dzi nyadzɔdzɔgblɔla, fefewɔla, hakpanyaŋlɔla, Dutoƒo Kadodowo Ŋuti Aɖaŋuɖola kple nufiala trɔ zu fefewɔla si wɔ na Ghana sinimawɔƒewo ƒe nukpɔkpɔ to nuwɔwɔ aduadu kple Nigeriatɔwo kple nu vevi siwo le Ghana sinima me me.[4][5][6][3]
Agbenɔnɔ le ɖevime
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wodzi Owusu-Ansah le Alajo le Accra na Smart Owusu Ansah kple Victoria Cosmos Gonsalves le Dzome 9, 1967.
Dᴐwᴐna
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Owusu-Ansah kpɔ gome le sinima siwo ade 60 me hafi ku le ƒe 2008. Enye Madhaus Incorporation, si nye haƒoha aɖe kple FNT Group of Companies (FNT Group) ƒe dɔwɔƒe ƒe Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒe Dɔdzikpɔla hã.
Owusu-Ansah nye Asante Kotoko ƒe Dutoƒo Kadododzikpɔla tsã le ƒe 2004 kple 2005 dome eye wònye habɔbɔa ƒe amegã tsãtɔ Major Yaw Larson ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ ɣeaɖeɣi. [7] [8]
Sinimawo ƒe nɔnɔmetatawo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- A Stab in the Dark (1999)
- The Visitor[2] (1999) - George
- End of the River[2]
- Errors of the Past[2]
- Wedding Day[2]
- Jewels 1[2] (1999) - 2nd Elder
- Jewels 2[2] (2000) - Katawere
- Remember Your Mother[2] (2000) - Linus
- Lost Hope[2] (2000) - Doctor
- Time[2] (2000) - Francis
- Grace to Grass[2]
- Married to a Witch[2] (2001) - Michael
- Okukuseku 1,2,3&4[2] (2001) - Sammy
- That Day[2] (2001) - Mahama
- Sika[2] (2001) - Adae
- Tenterhooks (2002) - Danny
- Christ in Me (2003) - Austine
- Madam Joan (2004) - Freddy
- Holby City (2005 TV Series) - Manu Sembene
- Born Again[2]
- Axe of Vengeance[2]
- Spirit of Darkness[2]
- Fortune Island (TV series)[9]
- Frozen Emotion (2006)
- The Mighty One (2007) - Antwi
Eku le Dama 2, 2008 dzi le abi siwo wòxɔ le ʋufɔku aɖe me le Tema Motorway le Accra ta. [10]
Nukpɔkpɔ le eƒe ŋkuɖodziwɔna me
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le eƒe ŋkuɖodziwɔna me le Masa 14, 2008 dzi la, "nyɔnu bubu aɖe si to vovo na dadaa si wònya xoxo, Madam Victoria Cosmos Gonsalves si tso Atsiavi le Volta nutoa me, gblɔ be Kwame ye tɔe. Aƒenɔ Koffie ɖeka si woxɔ se be enye Cape Coast dukɔmevi la wɔ nukpɔkpɔ aɖe le sɔlemexɔa godo nɔ avi fam henɔ ɣli dom be Kwame nye ye viŋutsu." Nyɔnua gblɔ le radiodɔwɔƒe aɖe be kpeɖodzi le ye si si ɖo kpe edzi be ye viŋutsue nye Owusu-Ansah si megali o. Esi radio dzi wɔnawo dzikpɔla biae be aleke wòwɔ do go Owusu-Ansah fofo si megali o hã la, "Aƒenɔ Koffie gblɔ be yenɔ asrafoha me eye Kwame fofo hã nɔ asrafodɔ me eyata wodo go le Burma Asaɖa si me wo ame evea siaa nɔ." [1] Le Memleɖa 28 Masa 2008 dzi, si nye kwasiɖa ɖeka pɛpɛpɛ le Owusu-Ansah ɖiɖi megbe la, ƒomea me tɔwo yɔ nyadzɔdzɔgblɔlawo ƒe kpekpe aɖe eye wogbe nyɔnua ƒe nyawo. [1]
Etsoƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]
- 1 2 3 Modern Ghana : WHO IS KWAME OWUSU ANSAH'S REAL MOTHER? by Eugene Osafo-Nkansah (Jun 25, 2008)
- 1 2 3 4 5 6 7 8 9 10 11 12 13 14 15 16 17 18 GhanaWeb: Eight years after the demise of Kwame Owusu Ansah, (2 May 2016)
- 1 2 Thomas Adotei Pappoe, 3news.com [in] Peace FM, Suzzy Williams, Terry Bonchaka, Kwame Owusu Ansah, Vybrant Faya, Isaac Yeboah, Ebony Etc (10-Feb-2018) Template:Webarchive
- ↑ "Kwame Owusu Ansah Is Dead". www.ghanaweb.com. Retrieved 2018-11-19.
- ↑ "Eight years after the demise of Kwame Owusu Ansah". www.ghanaweb.com. Retrieved 2018-11-19.
- ↑ Nollywoodcity TV (2015-06-06), Axe Of Vengeance - Latest Nigerian Nollywood Movie, retrieved 2018-11-19
- ↑ "Kwame Owusu Ansah Quits Kotoko". GhanaWeb. 15 March 2005. Retrieved 8 March 2023.
- ↑ "Kotoko PRO Pleads With Supporters". Modern Ghana. 18 March 2004. Retrieved 8 March 2023.
- ↑ Showbiz [in] Ghana Base, Fortune Island: The Story Continues (22-May-2008) Template:Webarchive
- ↑ "Kwame Owusu Ansah Is Dead". Ghana Web. 3 May 2008. Retrieved 21 November 2018.
Kadodo siwo tso egodo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- Kwame Owusu-Ansah at IMDb