Kojo Botsio
Kojo Botsio (wodzi le Dzodze 21, 1916 - ku le Dzodze 6, 2001) nye dutadɔnunɔla kple dunyahela tso Ghana. Esrɔ̃ nu le Britain, afisi wòva zu Ɣetoɖoƒe Afrika Dukɔa ƒe Agbalẽŋlɔƒe ƒe gadzikpɔla kple Ɣetoɖoƒe Afrika Sukuviwo ƒe Habɔbɔ ƒe ŋgɔnɔla le.
Tso ƒe 1951 me la, enye Ghana ƒe Sukudede kple Hadomegbenɔnɔ ƒe Dɔdzikpɔla gbãtɔ. Ewɔ dɔ hã abe Dutanyawo Gbɔkpɔla ene zi eve le Kwame Nkrumah ƒe dziɖuɖu te. Enye ame vevi aɖe le Convention People’s Party (CPP) si nɔ dzi ɖum la me.
Eƒe ɖevime kple sukudede
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Kojo Botsio de Adisadel Kɔledzi kple Achimota Kɔledzi le Ghana. Emegbe eyi Sierra Leone eye wòxɔ eƒe ɖaseɖigbalẽ gbãtɔ le Fourah Bay Yunivɛsiti Kɔledzi. Le ƒe 1945 me la, eyi United Kingdom eye wòsrɔ̃ nu le Brasenose College, Oxford Yunivɛsiti, afisi wòxɔ Anyigbaŋutinunya kple Sukudede ƒe ɖaseɖigbalẽ le.
Eƒe dɔwɔɖui
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Botsio wɔ dɔ abe nufiala ene le UK eye wònye Abuakwa State College le Ghana ƒe Tatɔ ƒe kpeɖeŋutɔ hã. Eƒe sukuvi aɖewo va zu subɔlawo le Nkrumah ƒe dziɖuɖua me.
Eƒe dunyahehe me agbenɔnɔ
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Botsio do go Nkrumah zi gbãtɔ le ƒe 1945 me le London, eye wòkpe asi ɖe Convention People’s Party ɖoɖo ŋu. Le ƒe 1945 me la, ede Afrika-dukɔwo katã ƒe Sewɔtakpekpe Atɔ̃lia si ŋu Nkrumah wɔ ɖoɖo ɖo.
Wotia Botsio be wòanye Ghana ƒe Sewɔtakpekpe me tɔ le ƒe 1951 me eye wòwɔ dɔ le Nkrumah ƒe kpɔkplɔ te. Ekpɔtɔ nye sewɔtakpekpe me tɔ vaseɖe ƒe 1966 me, esime wodzudzɔ Sewɔtakpekpea ƒe dɔwɔwɔ. Exɔ subɔsubɔha vovovowo le CPP dziɖuɖua me, siwo dometɔ aɖewoe nye Asitsatsa kple Dɔwɔƒewo, Dutanyawo, Hadomegbenɔnɔ, Ʋuɖoɖo kple Kadodowo, Agbledede, kple Asitsatsa kple Ŋgɔyiyidɔwo.
Eƒe ƒomea
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Kojo Botsio ɖe Ruth Whittaker, eye wodzi vi eve, Kojo kple Merene, eye wo ame evea siaa va zu senyalawo.