Jump to content

Kemi Adeosun

Tso Wikipedia
Kemi Adeosun
ame
Sex or genderfemale Trɔ asi le eŋu
Country of citizenshipNaidzeria, United Kingdom Trɔ asi le eŋu
Date of birth9 Tedoxe 1967 Trɔ asi le eŋu
Place of birthLondon Trɔ asi le eŋu
Languages spoken, written or signedEŋlisigbe, Nigerian Pidgin Trɔ asi le eŋu
Occupationbanker, chartered accountant, politician, minister Trɔ asi le eŋu
EmployerBT Group, London Underground Trɔ asi le eŋu
Position heldMinister of Finance of Nigeria Trɔ asi le eŋu
Educated atUniversity of London, University of East London, Highbury Fields School, Institute of Chartered Accountants in England and Wales Trɔ asi le eŋu
Academic degreeBachelor of Science, postgraduate diploma Trɔ asi le eŋu
Academic majoreconomics Trɔ asi le eŋu
Affiliation stringFederal Ministry of Finance of Nigeria Trɔ asi le eŋu
Participant inWorld Economic Forum Annual Meeting 2016, World Economic Forum Annual Meeting 2018 Trɔ asi le eŋu

Kemi Adeosun listen (wodzii le 9 March 1967) nye Finance Minister of Nigeria tsã eye wònye Afrika ƒe African Export–Import Bank (AfreximBank) ƒe Habɔbɔ ƒe zimenɔla tsã.[1][2]

Ðevimenɔɣi kple sukudede

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Adeosun Kemi le 9 March 1967 le London,[3] England, eye dzilawo nye Nigeriatɔwo, wo ame evea siaa tso Ogun State.[4] Fofoa nye dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒewo ƒe Mɔ̃ɖaŋudɔwɔla. Eyae nye fofoa ƒe vi eneawo dometɔ etɔ̃lia. Adeosun Kemi xɔ Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe Dzeside le Ganyawo me le University of East London si nye dukɔa ƒe yunivɛsiti si le London ƒe nuto si nye Newham me. Exɔ Postgraduate Diploma hã le Dukɔa ƒe Ganyawo Dzikpɔkpɔ me le University of London eye wòde dɔdzikpɔlawo ƒe dɔdzikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo vovovowo abe kplɔlawo ƒe hehenana le Wharton Business School. Le ƒe 1994 me la, Adeosun dze abe Institute of Chartered Accountants in England and Wales (ICAEW).[5][6][7][8]

Kemi Adeosun dze eƒe dɔ gɔme abe akɔntabubu ƒe kpeɖeŋutɔ le British Telecom, London, tso ƒe 1989 vaseɖe ƒe 1990, emegbe eʋu yi Goodman Jones, London, eye wòwɔ dɔ abe agbalẽdzikpɔlagã ene tso ƒe 1990 va ɖo ƒe 1993. Emegbe Kemi va zu Internal Audit ƒe dɔdzikpɔla le London Underground, London kple Prism Consulting tso ƒe 1994 vaseɖe ƒe 2000 hafi va ge ɖe PricewaterhouseCoopers, London abe Senior Manager ene tso ƒe 2000 vaseɖe ƒe 2002. Le ƒe 2002 me la, Eva zu ganyawo dzikpɔla le Chapel Hill Denham Management eye emegbe, eva zu dɔdzikpɔla le ƒe 2010 me. Esi wòwɔ dɔ kple Quo Vadis Partnership abe dɔdzikpɔlagã tso ƒe 2010 va ɖo ƒe 2011 megbe la, emegbe woɖoe Ogun State ƒe Ganyawo Gbɔkpɔla le ƒe 2011 me. Kemi lé dɔ sia me ɖe asi tso ƒe 2011 va ɖo ƒe 2015. Enye Dukplɔla Ibikunle Amosun ƒe Dɔdasi si nye Tutuɖoɖo ƒe akpa vevi aɖe, si trɔ dukɔa ƒe ganyawo ƒe kesinɔnuwo.[9]

Le November 2015 me la, Dukplɔla Muhammadu Buhari tia Adeosun Kemi Nigeria ƒe Ganyawo ƒe Dɔdzikpɔla.[10][11] Le Afreximbank ƒe ƒe sia ƒe ƒe kpekpe gã si wowɔ le Abuja tsɔ ɖo ŋku eƒe ƒe 25 lia dzi me la, woti Adeosun be wòanye gadzraɖoƒea ƒe habɔbɔ ƒe zimenɔla. Kemi Adeosun va xɔ ɖe zimenɔla Ndagijimana Uzziel, si nye Rwanda Dukɔa ƒe Ganyawo Gbɔkpɔla si le dɔme yim la teƒe.[15]

NYSC certificate scandal

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le 7 July 2018 dzi la, Nigeriatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si le internet dzi si nye Premium Times gblɔ be Kemi Adeosun xɔ eƒe NYSC ƒe ablɔɖegbalẽ le se nu be yeage ɖe dukɔa ƒe dɔ me. Le July 9 lia dzi la, NYSC ƒe Nyadzɔdzɔgblɔlawo kple Dutoƒo kadodowo ƒe Dɔdzikpɔla Adeyemi Adenike ɖe gbeƒã nya aɖe si ɖo kpe edzi be Adeosun tsɔ biabia be woana ablɔɖe ye le se nu, gake egblɔ hã be numekukuwo gale edzi yim be woatsɔ aɖo kpe edzi be woda asi ɖe ablɔɖegbalẽa dzi.[12][13] Le 14 September 2018 dzi la, Adeosun ɖe asi le eƒe dɔ ŋu le Ganyawo ƒe Dɔdzikpɔla ƒe dɔ me le lɛta si wòŋlɔ na Dukplɔla la me le NYSC ƒe Ðaseɖigbalẽ ƒe aʋatsokaka si wogblɔ be wowɔ ta.[14][15][16][17]

Le 7 July 2021 dzi la, Dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Abuja Division ɖe asi le Adeosun ŋu, eye wogblɔ be, abe Britain dukɔmevi ene la, medze akpɔ gome le NYSC me o elabena le ɣeyiɣi si me wòwu suku nu esime wòxɔ ƒe 22 eye be esi wòtrɔ yi dukɔa me eye wòzu Nigeria dukɔmevi si xɔ wu ƒe 30 la, medze na sɔhɛwo ƒe dɔwɔwɔ o.[18]

Political association

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Esi Kemi Adeosun mewɔ akpaɖekedzimademade le se nu le eƒe dɔwɔwɔ katã me vɔ la, eva ge ɖe Nigeria ƒe dziɖuɖuha si nye All Progressives Congress (APC) me le May 5, 2018 dzi.[19]

  1. Pete Guest. "Nigeria's Cabinet: Kemi Adeosun Tasked With Fixing Africa's Largest Economy". Forbes. Archived from the original on 14 November 2015. Retrieved 11 November 2015.
  2. Daniel Magnowski (11 November 2015). "Nigeria's Buhari Picks Ex-Banker Adeosun as Finance Minister". Bloomberg business. Retrieved 11 November 2015.
  3. "Kemi Adeosun: Who is she?". The Guardian. Lagos, Nigeria. 16 August 2018. Retrieved 23 February 2022.
  4. Felix Onuah (11 November 2015). "Nigeria's Buhari names banker as finance minister, swears in cabinet". Reuters. Archived from the original on 1 March 2020. Retrieved 11 November 2015.
  5. "Kemi Adeosun: Who is she?". The Guardian. Lagos, Nigeria. 16 August 2018. Retrieved 10 March 2022.
  6. "Kemi Adeosun resigns as Finance Minister". Vanguard. Lagos, Nigeria. 14 September 2018. Retrieved 25 May 2022.
  7. Ejekwonyilo, Ameh (7 July 2021). "UPDATED: NYSC Scandal: Court grants Kemi Adeosun reprieve but silent on certificate forgery". Premium Times. Retrieved 22 January 2024.
  8. "KEMI ADEOSUN: An Akinkanju Through Thick and Thin – DAWN Commission". Retrieved 22 January 2024.
  9. "Kemi Adeosun". African Development Bank. Retrieved 30 July 2018.
  10. "Nigeria's Buhari Picks Ex-Banker Adeosun as Finance Minister". Bloomberg.com. 11 November 2015.
  11. "President Buhari assigns his newly-appointed ministers offices". oak.tv. Oak Tv. Oak Tv. Archived from the original on 1 January 2017. Retrieved 31 December 2016.
  12. Abdulaziz, Abdulaziz (7 July 2018). "EXCLUSIVE: Finance Minister Kemi Adeosun skips NYSC, forges certificate". Premium Times. Retrieved 20 July 2018.
  13. "Adeosun applied for Exemption Certificate – NYSC". Vanguard. Lagos, Nigeria. 9 July 2018. Retrieved 20 July 2018.
  14. "BREAKING: Finance Minister, Kemi Adeosun resigns". Daily Trust. 14 September 2018. Retrieved 14 September 2018.
  15. "Kemi Adeosun resigns". The Punch
  16. "Former finance minister, Kemi Adeosun returns to public life, launches foundation". Premium Times. 15 June 2021. Retrieved 2 March 2022.
  17. "Adeosun vindicated as court says NYSC certificate not required for political appointment". Nigerian Tribune. 8 July 2021. Retrieved 2 March 2022.
  18. Ogunyinka, Victor (7 July 2021). "NYSC Saga: Court clears ex-Finance Minister Kemi Adeosun". Vanguard. Lagos, Nigeria. Retrieved 23 November 2022.
  19. "PHOTO NEWS: Finance Minister Adeosun picks up APC membership card". Premium Times. 5 May 2018. Retrieved 5 August 2018.
  20. AfDB Annual Report 2017 African Development Bank (AfDB)
  21. Board of Governors World Bank.