Jump to content

Joyce Bamford-Addo

Tso Wikipedia

Joyce Adeline Bamford-Addo, (wodzi le 26 March 1937) nye Ghana senyala kple ʋɔnudrɔ̃la kpakple nyɔnu gbãtɔ si nye Ghana Sewɔtakpekpe ƒe Dukplɔla tso ƒe 2009 va se de ƒe 2013. Eyae nye nyɔnu gbãtɔ si wotia be wòaxɔ ɖoƒe ma le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe nuto suea me. Bamford-Addo hã nye nyɔnu gbãtɔ si nye Ghana Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃la . Ewɔ dɔ ma tso ƒe 1991 vaseɖe ƒe 2004 esime wòxɔ dzudzɔ le dɔme.

Ðevimenɔɣi kple sukudede

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Joyce Bamford-Addo le ƒe 1937 me na fofo Englisitɔ kple dada Ghanatɔ tso Aburi, eye wòde St. Mary's Boarding School kple Our Lady of Apostles (OLA) sukuu. Eya kple eƒe nɔvi Cynthia le Cape Coast na wo ƒe gɔmedzesukume. Emegbe ede Holy Child School, si hã le Cape Coast, hena eƒe sekɛndrisuku. Eyiedzi yi United Kingdom hena senyawo ŋuti hehexɔxɔ. Ege ɖe Gbedoxɔ Ememetɔ me be yeaxɔ hehe le dɔsrɔ̃ɖoɖo si woyɔna be Inns of court te eye woyɔe va Eŋlisiawo ƒe Senyalawo ƒe Dɔwɔƒe le ƒe 1961 me.[2]

Bamford-Addo trɔ va Ghana esi wòwɔ dɔ le United Kingdom ƒe ɖeka megbe. Woyɔe va Ghana Senyalawo ƒe Dɔwɔƒe le ƒe 1962 me. Edze dɔwɔwɔ gɔme abe Dukɔa ƒe Senyala ƒe Kpeɖeŋutɔ ene le ƒe 1963 me eye wòdoe ɖe ŋgɔ wòzu Dukɔa ƒe Senyala, emegbe wodoe ɖe ŋgɔ wòzu Dukɔa ƒe Senior State Attorney hafi va zu Dukɔa ƒe Principal State Attorney. Eva zu Dukɔa ƒe Senyalagã le ƒe 1973 me. Woɖoe Dudɔnunɔlawo ƒe Dɔdzikpɔla le ƒe 1976 me, si nye ɖoƒe si wònɔ ƒe 10 sɔŋ.

Ghana Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃la

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Jerry Rawlings tiae Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃la le ƒe 1991 me, eye wòva zu nyɔnu gbãtɔ si nye Ghana Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃la . Esi wòwɔ dɔ le dukɔa ƒe dɔwɔƒe ƒe geɖe megbe la, exɔ dzudzɔ le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ lɔlɔ̃nu faa le October 2004. Wogblɔ be exɔ dzudzɔ le dɔme le esi eƒe suetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la George Kingsley Acquah, to eŋu le Ʋɔnudrɔ̃lagã ɖoɖo me ta.

Le ƒe 1991 me, le Provisional National Defence Council(PNDC) ƒe nuwuwu ƒe ɣeyiɣia me la, Bamford-Addo va zu Ghana ƒe Aɖaŋuɖoha, si woɖo be wòaŋlɔ nusi va zu ƒe 1992 ƒe dukplɔse la ƒe Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ evelia.

Bamford-Addo nye Kristotɔ veviedonula eye wòsubɔna abe Roma Katolikotɔ ene .

Political offices
Preceded by
{{{before}}}
{{{title}}} Succeeded by
{{{after}}}