Joseph "Jo" Abbott
Joseph "Jo" Abbott (Dzove 15, 1840 – February 11, 1908) nye Dukɔwo ƒe Habɔbɔ ƒe Asrafowo me tɔ eye wònye United States Teƒenɔlawo ƒe Aƒe me tɔ tso Texas.
Agbemeŋutinya Wodzi Abbott le January 15, 1840 dzi le Morgan County, Alabama, si te ɖe Decatur ŋu, eye wòde dukɔa ƒe sukuwo. Eʋu kple edzilawo yi Freestone County, Texas, le ƒe 1853 me.
Le Amerika Dukɔmeviʋaa me la, enye asrafomegã gbãtɔ le Texas Sɔdolawo ƒe Asrafoha Wuievelia me. Aʋaa wu enu, egadze eƒe senyawo sɔsrɔ̃ gɔme ake, eye esi wona mɔɖegbalẽe le October, 1866 me ta la, edze eƒe senyawo gbɔ kpɔkpɔ gɔme le Springfield, Limestone County, Texas.Emegbe eʋu yi Hillsboro, Texas, afisi wòyi eƒe senyawo gbɔ kpɔkpɔ dzi le.
Enye Texas Teƒenɔlawo ƒe Aƒe me tɔ le ƒe 1870 kple 1871 me.[2] Dudzikpɔla Oran M. Roberts tiae nutomeʋɔnudrɔ̃la le ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nuto Blaeve vɔ enyilia me. Le ƒe 1880 me la, wotiae be wòaxɔ ƒe ene blibo ɖe ɖoƒe ma ta. Le ƒe 1886 me la, wotiam be wòanye Democrattɔ le United States Teƒenɔlawo ƒe Aƒe me, eye wòsubɔ le ɖoƒe ma vaseɖe Sewɔtakpekpe Blaatɔ̃ vɔ Enelia ƒe nuwuwu le ƒe 1897 me.[3] Esi wòdo le Sewɔtakpekpea me la, egadze eƒe senyawo gbɔ kpɔkpɔ gɔme le Hillsboro, Texas, afisi wòku le le February 11, 1908 dzi.