John Njue
John Njue wodzii le ƒe 1944 me le Kiriari Kɔƒe me le Kenya, eye wònye kardinal Kenyatɔ, Nairobi ƒe Bisiɔpgã tso ƒe 2007 va ɖo ƒe 2021 me.
Agbemeŋutinya
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Ðevimenɔɣi kple nusɔsrɔ̃wo
Esi John Njue xɔ ƒe wuiatɔ̃ la, ege ɖe Nkubu ƒe mawusubɔsubɔ ƒe suku hafi yi eƒe nusɔsrɔ̃ dzi le Rome afisi wòxɔ ɖɔkta ƒe dzeside le xexemenunya me le ƒe 1966 me le Pontifical Urbaniana Yunivɛsiti emegbe, le ƒe 1974 me la, exɔ ɖɔkta ƒe dzeside le mawunyaŋununya me le Pontifical Lateran Yunivɛsiti.Nusɔsrɔ̃ siawo wɔɣie Papa Paul VI ŋutɔ ɖoe nunɔlae.
Nunɔla Le ƒe 1974 me la, etrɔ yi Kenya afisi wòɖɔli sɔlemeha ƒe subɔsubɔdɔwo le Kariakomu emegbe le Chuka saɖagaƒe tso ƒe 1982 va ɖo ƒe 1984 kple nufiafia kple mɔfiame na mawusubɔsubɔ ƒe dɔwo le Mabanga tso ƒe 1978 va ɖo ƒe 1982, emegbe le Nairobi tso ƒe 1985 va ɖo ƒe 1986.
Bisiɔp kple Kardinal
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le ƒe 1986 me la, eva zu bisiɔp gbãtɔ le Embu saɖaganuto yeye si nye eƒe dukɔ me. Emegbe woɖoe Nyeri ƒe bisiɔpgã kpeɖeŋutɔ le June 23, 2002 dzi, hafi va zu Nairobi ƒe bisiɔpgã le October 6, 2007 dzi, ɣeyiɣi kpui aɖe hafi wodoe ɖe dzi wòxɔ kardinal ƒe bubu le November 24, 2007 ƒe consistory me kple kardinal-nunɔla ƒe dzeside le Preziosissimo Sangue di Nostro Signore Gesù Cristo, tsã ɖe sɔlemexɔ si wotsɔ ŋkɔ ma ke na ŋu. Le ƒe siwo me wòwɔ dɔ abe bisiɔp ene la, enɔ zi me na bisiɔpwo ƒe dɔdasi vovovowo. Fifia enye Kenya ƒe Bisiɔpwo ƒe Takpekpea ƒe zimenɔla.Le June 12, 2008 dzi la, woyɔe be wòanye Nunɔlawo ƒe Hamea me tɔ. Ekpɔ gome le ƒe 2013 ƒe takpekpe si me wotia Papa Francis la me Le ƒe 2014 ƒe nuwuwu lɔƒo la, ebia tso Kenya nyɔnuwo si be woagado atike (asi abɔta) na wo le tetanus dɔléle si le edzi yim le dukɔa me ta o, eye wògblɔ be enye agbagba dzedze be woatsɔ akpɔ ŋuse ɖe vidzidzi dzi, si na nyaʋiʋli aɖe do mo ɖa le atikewɔmɔnu si nye abɔtasisi ŋu.Etu eƒe nukpɔsusua ɖe nya si Katoliko Ðɔktawo ƒe Habɔbɔ si le Kenya gblɔ be yewoke ɖe antigen,si nye human chorionic gonadotropic hormone, si hea fu ƒe gbegble vɛ, ŋu le tetanus ƒe atike si wodo ɖe lãme na amewo le abɔtasisiɖoɖo si kenya dziɖuɖua do alɔ me. Le January 4, 2021 dzi la, Papa Francis lɔ̃ ɖe , eƒe asiɖeɖe le dɔ ŋu le ƒexɔxɔ ta,dzi.