Jump to content

James Peace

Tso Wikipedia
James Peace le eƒe aƒe me le Wiesbaden


Wodzi Kenneth James Peace le Paisley, le Anyɔnyɔ 28 gbe, le ƒe 1963 me. Enye Scotland hakpala, saŋkuƒola kple aɖaŋudɔwɔla

Wodzi James peace le Paisley, Scotland le Anyɔnyɔ 28lia gbe, le ƒe 1963 me. Eƒe ɖevime ƒe akpa gãtɔ la, enɔ Helensburgh, si nye ƒuta modzkaɖeƒe aɖe le Scotland ƒe ɣetoɖoƒe nutome.[1][2][3] Aɖaŋudɔwɔla geɖe abe (John McGhie) ene la tso eƒe ƒome me, edo ƒome kple Felix Burns, ɣeɖuɖu hakpanya ŋlɔla xɔ ŋkɔ aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 20 lia ƒe afã gbãtɔ me hã.[1][4] Exɔ hehe le saŋkuƒoƒo me, esi wòxɔ ƒe enyi ko, eye esi wòxɔ ƒe wuiene la eɖe modzaka zi gbãtɔ le dutoƒo; eya kple Scott Joplin.[3] Esi wòxɔ ƒe wuiade la, woxɔe ɖe 'Royal Scottish Academy of Music and Drama' (esi wole yɔyɔm fifia be 'Royal Conservatoire of Scotland') abe nusrɔ̃vi si nye ɖevi suetɔ kekeake la ene. Le ƒe 1983 me la, ewu Glasgow Univɛsity nu hexɔ ɖaseɖigbalẽ B.A. degree be wòafia saŋkuƒoƒo.[1][2][4][5] Le ƒe si kplɔe ɖo mea, exɔ diploma ɖaseɖigbalẽ le hadzidzi ƒe modzakaɖeɖe me le Mendelssohn ƒe Piano Concerto No.1 ƒoƒo kple RSAMD saŋkuƒohagã la vɔ megbe.[4][5] Esi wòwu suku nu la, wohae ŋutɔ abe saŋkuƒola si bi ŋutɔ la ene, elabe ehawo mebɔ o, eye wònɔ Edinburgh le ƒe 1988-1991 me.[1][6]

James Peace nɔ Bad Nauheim, Dzamanya tso ƒe 1991 va se ɖe ƒe 2009 me.[7][8] Tso ƒe 1998 me la esrɔ̃ nu tso tango ɣeɖuɖu ŋu, heɖe agba si nye Scottish Tango, esi dzɔ tso eya ŋutɔ ƒe saŋkuƒoɖaŋu me la ɖe go, eye le ƒe 2002 me la, woxɔe ɖe Victoria College of Music ƒe bubumewo dome.[4][9][10][11][12] Le ƒe ma ke mea, ewɔ modzaka wɔna aɖe le Dzamanya ƒe dziehe gome le Anyɔnyɔ/Kele me eye le Dzome me la, eɖo ta Ɣedzeƒe go dzi, afi si wòwɔ eƒe Tango XVII lia ƒe modzakaɖeɖe le le Hong Kong.[9][10][11][12][13][14]

James Peace - Idylls Op.4b

Le ƒe si gakplɔe ɖo mea, ewɔ eƒe wɔna geɖe le Europa nyigba dzi. Eɖu eya ŋutɔ ƒe tango ɣewo le dugã siawo me: Amsterdam, Athens,[15] Berlin,[16] Brussels, Helsinki,[17]Lisbon,[3][18] London, Madrid,[3][19] Oslo,[20] Reykjavík[21] kple Vienna.[22]

Le ƒe 2008 me la, wode bubu eŋu ɖe eƒe tango dɔwɔnawo ta hexɔe ɖe London College of Music me.[23][24][25]

Enɔ Edinburgh ɣeyiɣi kpui aɖe eye wòtrɔ yi Dzamanya le ƒe 2010 me henɔ Wiesbaden.[1][2] Esia he aɖaŋu yeyewo vɛ nɛ eye wòɖe sini kpuikpuiwo ku ɖe eƒe hakpakpawo ŋu ɖe go. Sini la, si nye 'K. James Peace in Wiesbaden' nye eƒe dɔwɔnawo dometɔ ɖeka.[23][24][25]

Tango Milonga op. 26 fia etɔ̃lia
Tango XVIII si James Peace tɔ (James Peace, piano)

Fetuwo kple Abɔtaƒoƒowo

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

●     Dziɖuɖu Fetu, Agnes Millar Prize. Glasgow, 1983[5]

Anyigbaosefofo ƒe Sanku Ƒogbe Eve Habɔbɔ ƒe Kplu

●     Dziɖuɖu Fetu, Dunbartonshire EIS Prize. Glasgow, 1984[5]

●     Dziɖuɖu Fetu, Sibelius Essay Prize. Glasgow, 1985[5]

●     Bubudeameŋu ɖaseɖigbalẽ, TIM International Composition Competition. Rome, 2000[1][2][6]

●     Bubudeameŋu ɖaseɖigbalẽ, IBLA Foundation. New York, 2002[1][2][6]

●     Ŋkuɖodzi Meɖalẽ, International Piano Duo Association. Tokyo, 2002[26]

●     Sika Meɖalẽ, Académie Internationale de Lutèce. Paris, 2008[1][2]

Ha Mavɔ ƒe axa gbãtɔ

●     Tsitsetsea (Le chute de l’eau)[27]

●     Idylls

●     Ŋdi hadzidzi (Aubade)[28]

●     Aɖatsi ziɖoɖotɔwo (Lento Lacrimoso)

●     Agba siwo ŋu woŋlɔ be (Feuilles oubliées)[29]

●     Sonata na oboe kple piano[30]

●     Hadzidzi ŋutinya (Ballade)[31]

●     Kɔnu zɔzɔ gbãtɔ (Marche Solennelle №1)[32]

Kpɔdekplɔ tso Ha Mavɔ me

●     Kɔnu zɔzɔ evelia (Marche Solennelle №2)[33]

●     Kele Sika (Or d’Automne)[34][35][36]

●     Ha mavɔ (Chant éternel)[1][37][38][39]

●     "Na Georgia Republik la" (Georgiagbe me gbegbɔgblɔ: საქართველოსთვის) Hanyawo tso Tamari Chikvaidze, Zurab Chikvaidze kple James Peace gbɔ

●     24 Tango siwo wotsɔna ƒoa saŋku [23][24][25][40][41][42][43][44][45][46][47][48]

Souvenir de Buenos Aires - youtube

Lento Lacrimoso - youtube

Autumn Gold - youtube

Nyatakaka siawo tsoƒewo

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]
  1. 1 2 3 4 5 6 7 8 9 Birgitta Lamparth. "Keine ‘stacheligen’ Klänge", Wiesbadener Tagblatt (Germaniatɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ), Dzodze 10, 2011
  2. 1 2 3 4 5 6 Julia Anderton. "Tango wie eine süß-saure Geschichte". Wiesbadener Kurier (Germaniatɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ). Tedoxe 24, 2012
  3. 1 2 3 4 Soledad Carrizo-Araya. "Una entrevista al compositor James Peace". Hoja de Ruta Digital. Dzome 2022
  4. 1 2 3 4 Sabine Klein. "Meine Musik ist wie ich - sehr romantisch". Frankfurter Rundschau (Germaniatɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ), 1992, taɖoɖo xexlẽme: 254, axa ƒe xexlẽme: 2
  5. 1 2 3 4 5 G. Müller. "Die Seele des Klaviers tanzt Tango". Kulturspiegel Wetterau (Germaniatɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ vovovo). Tedoxe 17, 2011, axa ƒe xexlẽme: 5
  6. 1 2 3 "James Peace". FRIZZ (Germaniatɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ vovovo). Dzove tatam, 2001, ​​axa ƒe xexlẽme: 5
  7. ↑ Manfred Merz. "Virtuose, gefühlsbetonte Welt der Romantik", Wetterauer Zeitung (Germaniatɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ). Dzome 12, 1992, axa ƒe xexlẽme: 19
  8. ↑ "James Peace". The Tango Times (imagazini yaseNew York). ​​Taɖoɖo xexlẽme: 2002/2003 (39). Axa ƒe xexlẽme: 1 - 5
  9. 1 2 National Library of Scotland. Tango escocés
  10. 1 2 "Philharmonie de Paris. Tango escocés". Archived from the original on 2025-09-28. Retrieved 2026-09-07.
  11. 1 2 "de bibliotheek. Tango escocés". Archived from the original on 2025-09-28. Retrieved 2026-09-07.
  12. 1 2 "James Peace". La Cadena (Hollandtɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ vovovo).  Anyɔnyɔ 2002, Axa ƒe xexlẽme: 26
  13. ↑ TangoTang, Hong Kong (香港). Intanɛt dzi nyadzadzɔgbalẽ vi le Hong Kong, kele 8, 2002
  14. ↑ "James Peace". 南華早報 (Nyadzadzɔgbalẽ si woɖe ɖe go le Hong Kong). Kele 9, 2002
  15. ↑ Kɔnsɛt wɔnaɖoɖogbalẽvi {Για σένα Αγγελική}. E-Atheni, Afɔfiɛ 27, 2016
  16. ↑ Tangodanza (Germaniatɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ vovovo). Axa ƒe xexlẽme: 1/2002 - 9
  17. ↑ Kɔnsɛt dzesidegbalẽ gã (Kɔnsɛt mɔzɔzɔ le Finland le ƒe 2014 me)
  18. ↑ Kɔnsɛt dzesidegbalẽ gã (Kɔnsɛt mɔzɔzɔ le Portugal le ƒe 2016 me)
  19. ↑ Kɔnsɛt dzesidegbalẽ gã (Spaniatɔwo ƒe kɔnsɛt mɔzɔzɔ: ¡Feliz Cincuenta Cumpleaños - 2013!)
  20. ↑ Listen.no. James Peace (flygel). Kɔnsɛt le Munch Museum le Oslo: Kele 16, 2004
  21. ↑ Ríkarður Ö. Pálsson. "Skozkir Slaghörputangoár". Morgunblaðið (Icelandtɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ). Kele 14, 2004
  22. ↑ Kɔnsɛt wɔnaɖoɖogbalẽvi (Vienna). Dzove 23, 2005
  23. 1 2 3 National Library of Scotland. K. James Peace in Wiesbaden
  24. 1 2 3 Deutsche Nationalbibliothek. K. James Peace in Wiesbaden
  25. 1 2 3 Whittaker Live. "Wiesbadener Highlander K. James Peace - New DVD"
  26. ↑ "International Piano Duo Association (東京), Tokyo. Nxaxamelo wa vahluri hi 2002". Archived from the original on 2020-05-27. Retrieved 2026-09-07.
  27. ↑ Hessisches Staatstheater. Kɔnsɛt wɔnaɖoɖogbalẽvi si tso Anyɔnyɔ 12 kple 19, 2021
  28. ↑ University of Adelaide Music Library (Barr Smith Library). Aubade no. 1 for cor anglais and string orchestra
  29. ↑ British Library. Forgotten Leaves : op. 12, for cello and orchestra
  30. ↑ British Library. Oboe sonata, op. 16
  31. ↑ British Library. Ballade no.1 : in c major : op.18
  32. ↑ British Library. Ceremonial march no.1: for organ and orchestra : op. 19
  33. ↑ British Library. Ceremonial march no.2 : for orchestra : op. 23
  34. ↑ "Violine schwebt über das Orchester". Schwäbische Post (Germaniatɔwo ƒe nyadzadzɔgbalẽ). Masa 4, 1988
  35. ↑ National Library of France. [Autumn gold. Op. 25b]. Arr. pour violon et piano
  36. ↑ British Library. Autumn gold : for clarinet and string orchestra : op. 25
  37. ↑ British Library. Eternal Song : for soprano and orchestra : op.32
  38. ↑ University of Adelaide Music Library (Barr Smith Library). Eternal Song for soprano and orchestre, op.32
  39. ↑ National Library of Scotland. Eternal Song Op.32, Peace, K. James
  40. ↑ British Library. Tangos for piano op. 13
  41. ↑ British Library. Tangos for piano op.17
  42. ↑ British Library. Tangos for piano op.29
  43. ↑ British Library. Tangos for piano op.33
  44. ↑ National Library of Scotland. Tangos for piano op.17, Peace, K. James
  45. ↑ National Library of Scotland. Tangos for piano op.33, Peace, K. James
  46. ↑ British Library. Souvenir de Buenos Aires : arr. for string orchestra
  47. ↑ British Viola Society Newsletter, Dasiamime 2023
  48. ↑ Hoja de Ruta Digital, México. "Una corta historia del tango". Tedoxe 22, 2022