Jump to content

Jacques-Louis David

Tso Wikipedia

jacques-Louis David (30 August 1748 – 29 December 1825) nye dunyahela kple nutala siaa si nɔ agbe le Franseawo ƒe Tɔtrɔ Kpata la me. Esi wònye dunyahela ta la, exɔ ŋkɔ wu le esi wònye kplɔla ʋɛ siwo ɖu France dzi le Franseawo ƒe Tɔtrɔ Kpata ƒe akpa si me ŋutasẽnuwɔwɔ nɔ wu me la dometɔ ɖeka ta. David xɔe se be mele be fiaɖuƒe nanɔ France o ke boŋ ele be wòanye Dukɔmevi. Eda asi ɖe edzi be woatsɔ tu si woyɔna be guillotine awu France Fia Louis XVI. Esi Franseawo ƒe Tɔtrɔ Kpata la te kpododonu la, edzɔ dzi na David be Napoleon Bonaparte va zu France Fiagã. Esi Jacques-Louis David nye nutala ta la, edi be nutatawo nanye dunyahehe. Zi geɖe la, etaa kalẽtɔwo tso gliwo alo ŋutinya siwo wòxɔ se be wotsi tre ɖi na nukpɔsusu nyuiwo abe ŋusẽ, nɔviwɔwɔ, kple nɔnɔme nyui ene me. Eƒe nutatawo nye nu ŋutɔŋutɔwo ŋutɔ eye zi geɖe la, woɖea kalẽtɔ siwo tso Blema Hela kple Roma fiana. Woyɔa esia be Neoclassical ƒe nutata ƒe atsyã. David ƒe nutata xɔŋkɔwo dometɔ ɖekae nye exɔlɔ̃ vevitɔ Jean-Paul Marat si wowu le Franseawo ƒe Tɔtrɔ Kpata la me. David ƒe nutata kpe ɖe Marat ŋu wòzu kalẽtɔ xɔŋkɔ si wowu xɔsetaku.

Eƒe nutatawo ƒe ɖeɖefiaƒe

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]