Hope Mwanake
Hope wakio Mwanake (wodzi le ƒe 1988/1989) nye Kenyatɔ asitsala kple dzɔdzɔmeŋutinunyala. Wobunɛ [Amekae?] be enye Afrika sɔhɛ asitsala yeye siwo le ŋgɔ yim la dometɔ ɖeka. Le December 2019 me la, eva zu nyadzɔdzɔwo ƒe tanyawo le agbagba siwo wòdze le aƒewo tutu kple aŋetu siwo wotsɔ ƒu gbe me be yeatsɔ aɖe ɖiƒoƒo plastik ɖa le Kenya.
Agbemeŋutinya
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wodzi Hope eye wonyii le ƒome aɖe si te ɖe Mombasa ŋu me. Eyae nye ame gbãtɔ le eƒe ƒomea me si de yunivɛsiti be yeayi yeƒe suku kɔkɔ dede dzi. Exɔ eƒe BSc le Tsiŋutinunya me le Egerton Yunivɛsiti le ƒe 2010. Le ƒe 2013 me la, ewu Nutomeŋutinunya nu le UNESCO-IHE, si le Netherlands3.
Dɔwɔna
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Ewɔ eƒe dɔ gbã abe hadomenuwɔla ene hafi va zu dzɔdzɔmeŋutinunyala. Enye Trace Kenya, si nye nutoa me habɔbɔ si wɔa dɔ aduadu kple sɔhɛwo tsɔ kpɔa nya siwo ku ɖe gbeɖuɖɔ sesẽwo dzi kpɔkpɔ ŋu gbɔ. Woɖo Trace Kenya ɖe Kenya ƒe titinadu si nye Gilgil me be woatsɔ akpɔ eƒe gbeɖuɖɔwo tsɔtsɔ ƒu gbe dzi ahalé be nɛ.
Eƒo ŋutega nuƒo aɖe hã le Xexeame ƒe Tsi Kwasiɖa 2015 me le Stockholm, Sweden. Le ƒe 2016 me la, eɖo adzɔnuwɔƒe si nye Eco Blocks and Tiles kple ehati dzɔdzɔmeŋutinunyala Kivin mureithi. Eva zu dɔwɔƒe gbãtɔ hã le Kenya si tsɔ aŋe kple ahuhɔ̃e gbegblẽwo wɔ xɔtaxɔwo kple xɔtunu bubuwo.