Jump to content

Helen Esuene

Tso Wikipedia
Helen Esuene
ame
Sex or genderfemale Trɔ asi le eŋu
Country of citizenshipNaidzeria Trɔ asi le eŋu
Given nameHelen Trɔ asi le eŋu
Date of birth23 Adeɛmekpɔxe 1949 Trɔ asi le eŋu
Occupationpolitician, minister Trɔ asi le eŋu
Position heldmember of the Senate of Nigeria, Minister of State for Health, Minister of Environment, Minister of Environment, member of the Senate of Nigeria Trɔ asi le eŋu
Member of political partyPeoples Democratic Party Trɔ asi le eŋu

Helen U. Esuene (wodzi le 23 November 1949[1]) nye Nigeria dziɖuɖudɔwɔla tsã si woɖo Dukɔa ƒe Lãmesẽnyawo Gbɔkpɔla, eye emegbe wònye Nutome kple Aƒewo ƒe Dɔdzikpɔla le Dukplɔla Olusegun Obasanjo ƒe Dudɔnunɔlawo ƒe Habɔbɔ me le ƒe 2005 kple 2007 dome.

Esuene srɔ̃ Adzame Agbalẽŋlɔla kple Dɔwɔƒewo Dzikpɔkpɔ ƒe nusɔsrɔ̃ le Dukɔa ƒe Hehenaƒe le Kaduna eye wòdze eƒe dziɖuɖudɔ gɔme abe adzame agbalẽŋlɔla ene. Emegbe la, ewɔ adzɔge nusɔsrɔ̃ tso Leicester Yunivɛsiti eye wòxɔ Msc le ganyawo me. Ema megbe kpuie la, eɖe Cross River State xoxoa ƒe asrafomegã tsãtɔ, Aƒetɔ Udoakaha Esuene, si ku le ƒe 1996 me. Nyɔnuvi eve kple ŋutsuvi etɔ̃ nɔ wo si. Eyi asitsatsa me, eye wòdze egɔme tso amewo ƒe dɔwɔnawo dzikpɔkpɔ dzi na Mobil Producing. Emegbe la, edze nusi va zu Villa Marina Hotel le Eket gɔme, eye woʋui le ƒe 2000 me. Etu nutatawo ƒe xɔ aɖe abe ŋkuɖodzinu na nyɔnu siwo wu 59 siwo Colonial Lords da tu le Consulate mɔ dzi le Ikot Abasi le ƒe 1929 nyɔnuwo ƒe tsitretsiɖeŋuɣi.[2][3]

Woɖo Esuene Dukɔa ƒe Lãmesẽnyawo Gbɔkpɔha le July 2005 me.[4] Woɖoe Nutomedzikpɔla le January 2006. Le dziɖuɖumegãwo ƒe tɔtrɔ le January 2007 me megbe la, wona dɔ si keke Esuene be wòanye Nutome kple Aƒewo ƒe Dɔdzikpɔla.[5] Edzo le zi dzi le May 2009 me le Obasanjo ƒe dziɖuɖua ƒe nuwuwu.

Helen Essuene nye ame si di be yeaxɔ Akwa Ibom South ƒe Sewɔtakpekpe ƒe zikpui le April 2011 ƒe Nigeria ƒe dutoƒotiatiawɔɣi, eye wònɔ du dzi le People's Democratic Party (PDP platform) dzi.[6]

  1. "Helen Udoakaha Esuene". Ring For Change. Retrieved 11 December 2012.
  2. "Aba Women's Riots (November-December 1929) •". 2009-03-27. Retrieved 2022-05-31.
  3. Nseobong Okon-Ekong (12 December 2009). "Helen Esuene Emerging From the Shadow of a Famous Husband". ThisDay. Retrieved 2010-02-24.
  4. "As Obasanjo Reshuffles Cabinet... Ministers Under Probe for Corruption". BNW News. July 14, 2005. Archived from the original on January 11, 2012. Retrieved 2010-02-24.
  5. KABIRU YUSUF (January 11, 2007). "Obasanjo reshuffles cabinet...Swears-in 6 new ministers". Daily Triumph. Retrieved 2010-02-24.