Jump to content

Foluke Adenike Adeboye

Tso Wikipedia

Foluke Adenike Adeboye (wodzi Adeyokunnu; wodzii le 13 Siamlɔm 1948) si wogayɔna be Mummy G.O. nye sɔlemehakplɔla, television dzi nyanyuigblɔla, takpekpe me nuƒola, agbalẽŋlɔla kple Enoch Adeboye, si nye Redeemed Christian Church of God ƒe dzikpɔlagã srɔ̃.

Agbenɔnɔ le ɖevime

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Foluke Adeboye Foluke Adenike Adeyokunnu le 13 Siamlɔm 1948 dzi le Jacob Adelusi Adeyokunnu, si nye fiavi si le Owa Obokun Oji fiaƒomea me le Ijeshaland, Osun State, Nigeria ƒe ƒomea me. Menye ɖeko fofoa nye fiaƒome me tɔ ko o, ke enye nufiala le Methodisttɔwo ƒe mawunyadɔgbededɔa me eye wònye katekisist hã. Enye nyɔnuvi ade kple ŋutsuvi ene siwo wodzi le ƒome ma me la ƒe tsitsitɔ.

Ede Methodist Gɔmedzesuku-Oke Eshe- Ilesha kple Methodist Nyɔnuviwo ƒe Suku-Agurodo-Ilesha hafi xɔ klass II nufiala ƒe ɖaseɖigbalẽ tso United Missionary College, Ibadan, kple ɖaseɖigbalẽ le sukudede (dzɔdzɔmeŋutinunya kple akɔntabubu) me le College of Education, University of Lagos. Ƒe 1999 me.

Le 17 Siamlɔm 2022 dzi la, exɔ ɖɔkta ƒe ɖaseɖigbalẽ le Sukudede me tso Benson Idahosa Yunivɛsiti, Benin, Edo State.