Fella Makafui
| Sex or gender | female |
|---|---|
| Country of citizenship | Ghana |
| Date of birth | 19 Dasiamime 1995 |
| Place of birth | Volta Region |
| Spouse | Medikal |
| Languages spoken, written or signed | Eŋlisigbe, Eʋegbe, Twi |
| Occupation | actor, philanthropist |
| Educated at | University of Ghana, Kpando Senior High School |
| Start of work period | 2016 |
| Hair color | dark brown hair |
| Eye color | black |
| Magnum opus | Chaskele, Swings |
Fella Precious Makafui (wodzi le 19 Deasiamime 1995) nye Ghana fefewɔla, asitsala, kple dɔmenyola. [1] [2]
Wonyae nyuie ɖe akpa si wòwɔ le Ghanatɔwo ƒe television dzi wɔna si nye YOLO (You Only Live Once) me ta. [3] Wodzii le Anfoega Akukome, le Volta Nutome le Ghana, eye afimae wonyii le esi wogblɔ be fofoa gblẽ ƒomea ɖi esime wònye ɖevi. [4]
Ame ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ kple sukudede
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wodzi Fella le 19 Deasiamime 1995 le Volta Nutome, Ghana. Ewu eƒe gɔmedzesuku sue nu le Kabore Sukuxɔ me eye wòwu eƒe sekɛndrisuku nu le Kpando Sekɛndrisuku, hafi de Ghana Yunivɛsiti . [2]
Eɖe Ghana rap-haƒola Medikal le March 2020 me. Vinyɔnuvi aɖe le srɔ̃tɔawo si si ŋkɔe nye Island. Esi woɖe wo nɔewo ƒe ene megbe la, woɖe gbeƒãe be yewoagbe yewo nɔewo le March 2024. [5]
Dᴐwᴐna
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Makafui dze eƒe dɔ gɔme abe kpɔɖeŋuzɔlizɔla ene. Emegbe eva wɔ fefe, eye wòxɔ ŋkɔ le akpa si wòwɔ le YOLO me ta. Tso ɣemaɣi la, eɖee fia le Ghana kple Nigeria sinima geɖewo me, siwo dometɔ aɖewoe nye Swings, Once Upon a Family[6], Kada River, kple Chaskele.[7]
Le Once Upon a Family me la, ewɔ dɔ kple Nigeria fefewɔla Mercy Johnson, amesi wɔ akpa vevitɔ. [2] Le ƒe 2025 me la, ekpɔ akpa aɖe le Nigeriatɔwo ƒe Netflix ƒe wɔna si nye Aníkúlápó ƒe Ɣeyiɣi 2 lia me. [8]
Enye Castle Gate Estate ƒe amedɔdɔ hã. [9]
Kafukafuwo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- Ƒea ƒe Fefewɔla si Ŋu Ŋugbedodo Le Wu – City People Entertainment Awards(2016)
- Sika Ŋugbedodo Wu – Golden Movie Awards (2016) [10]
Sinimawo ƒe nɔnɔmetata tiatia aɖewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- Kada River (ƒe 2018) – Nadia
- Sugar (ƒe 2019) – Whitney
- Away Bus (ƒe 2019) – Kiki
- Till Deaf Do Us Part (2023)
- Resonance (ƒe 2024) .
- Fata (ƒe 2024)
Etsoƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]
- ↑ "I love your hard African face – Medikal tells Fella Makafui". MyJoyOnline. Retrieved 2019-07-13.
- 1 2 3 Githuri, Job (2018-11-12). "Fella Makafui's life – short facts about her life". Yen.com.gh. Retrieved 2019-07-11.
- ↑ "Yolo actress Fella Makafui turns a year older". GhanaWeb. Retrieved 2019-07-13.
- ↑ "Who is Fella Makafui? Age, real name, baby, house, songs, husband". Yen.com.gh. Retrieved 2024-07-10.
- ↑ "Rapper Medikal announces separation from Fella Makafui". MyJoyOnline (in en-US). 2024-04-01. Retrieved 2024-05-16.
- ↑ "Fella Makafui stars in new movie "Once Upon a Family"". EOnlineGH. Archived from the original on 2024-09-11. Retrieved 2019-07-29.
- ↑ "6 female celebrities who have starred in movies this year". Pulse Ghana. 2018-08-15. Retrieved 2019-07-13.
- ↑ "Fella Makafui features in Season 2 of Nigerian Netflix series 'Anikulapo'". MyJoyOnline. Retrieved 2025-03-12.
- ↑ "Fella Makafui bags new ambassadorial deal with Castle Gate Estate". GhBase.com. 2019-07-02. Archived from the original on 2022-11-22. Retrieved 2019-07-11.
- ↑ "YOLO star Fella Makafui wins two awards in a month". PeaceFM. Archived from the original on 2024-11-13. Retrieved 2019-07-13.