Jump to content

Einosuke Akiya

Tso Wikipedia

Einosuke Akiya wodzii le July 15, 1930, enye Japantɔwo ƒe Buddhatɔwo ƒe ŋgɔnɔla, esubɔ abe Soka Gakkai ƒe Zimenɔla atɔ̃lia tso July 18, 1981, vaseɖe November 9, 2006. Esi wòɖe asi le ɖoƒe ma ŋu vɔ la, eva zu Soka Gakkai ƒe Kplɔla Kɔkɔtɔ ƒe Kpekpe ƒe Zimenɔla le November 2006 me.Ewɔ dɔ hã abe Soka Gakkai ƒe Ŋutsuwo ƒe Dɔwɔƒe ƒe Dɔdzikpɔla, Sɔhɛwo ƒe Dɔwɔƒe, Titina Kpekpea ƒe Zimenɔla kple Soka Gakkai ƒe Kofu Shimbun Kpekpe, Sōka Yunivɛsiti ƒe Aɖaŋuɖola Gãtɔ, Tokyo Fuji ƒe Aɖaŋudɔwo ƒe Blemanudzraɖoƒe ƒe Bubutɔ Dɔdzikpɔla, Min -On Concert Association, Toda ƒe Xexeame Katã ƒe Ŋutifafa kple Ðoɖowo Ŋuti Numekuku Dɔwɔƒe ƒe Dɔdzikpɔla kple Soka Gakkai International (SGI) ƒe Dukplɔla ƒe ɖoƒenɔla.

Agbenɔnɔ le ɖevime

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Akiya le Tokyo. Ede Tokyo Dugã me Bunkyo Sekɛndrisuku. Esi wòxɔ Fransegbe me agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe ɖaseɖigbalẽ le Waseda Yunivɛsiti vɔ la, eyi ɖawɔ dɔ le Seikyo Shimbun Dɔwɔƒe, si nye Japan ƒe gbesiagbe nyadzɔdzɔgbalẽwo dometɔ ɖeka. Ewɔ dɔ hã abe kɔpiwo ŋuti nuŋlɔla ene.

Soka Gakkai ƒe zimenɔlanyenye

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Eva xɔ ɖe Hiroshi Hōjō si Do ŋgɔ nɛ teƒe abe Soka Gakkai ƒe Zimenɔla 5 lia tso Dzove 18, 1981 vaseɖe November 9, 2006 ,eye Minoru Harada va xɔ ɖe eteƒe.

Nusiwo ŋu woƒo nu tsoe

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]