Jump to content

Dzinu

Tso Wikipedia

Dzinu alo ɣleti wuietɔ̃ ye le ƒe ɖeka me le Eʋegbe me. Eʋeawo ƒe dzinu kuna ɖe dzinu ƒe ɖiɖi ŋu.

Dzinu gbãtɔ enye Dzove. Xexeame xɔa dzo le dzinu sia me ŋutɔ. Dzinu evelia enye Dzodze. Le dzinu sia me la, dzoxɔxɔ la nu sena ɖe edzi. Tedoxe ye kplɔa Dzodze ɖo. Le dzinu sia me la, dzoxɔxɔ la nu ɖea eye tsi dzedze dzena egɔme. Afɔfiɛ enye dzinu enelia. Le dzinu sia me la, tsi dzana eye gbewo to na ŋutɔ. Damɛ ye dze Afɔfiɛ yo me. Ɣleti sia nye tsi dza ɣi eye agbledelawo ƒa nu. Masa si dze Damɛ yo me enye tsi dza ɣi kpakple agbledeɣi gã ɖeka. Le Siamlɔm me la, tsidzdza dzi ɖe na gake ne wo sia nuwo ɖe ŋudɔ nu la, tsi do na kabakaba eye wò le be woa yi vayi lɔ nusiasiawo elabena tsi dza na kabakaba gake edome me didina o. Dasiamime kplɔa Siamlɔm ɖo. Anyɔnyɔ enye dzinu asieke la. Kele nye dzinu ewolia. Eya yome Adeɛmekpɔxe dzɔ ɖo. Le dzinu sia me la, aveawo me dze kɔkɔ. Dzome enye dzinu wuieve lia. Xexea me dze ƒuƒu eye dzoxɔxɔ nu dze sesẽm. Dzinu susuea enye Ƒoave. Le dzinu sia me la, agbledelawo ƒoa ave eye wodzra ɖo na agbledede.

Ɣletiawo le ƒea me
Dzove · Dzodze · Tedoxe · Afɔfiɛ · Damɛ · Masa · Siamlɔm · Dasiamime · Anyɔnyɔ · Kele · Adeɛmekpɔxe · Dzome