Bernard Munyagishari
Bernard Munyagishari, si wodzi le ƒe 1959 me la nye Hutu ŋutsu aɖe si wotsɔ nya ɖe eŋu be ewɔ akpa vevi aɖe le Rwandatɔ ƒe ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa le ƒe 1994 me.
Agbemeŋutinya
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wodzi Bernard Munyagishari le ƒe 1959 me le Rubavu kɔƒe si nye Gisenyi ƒe nuto me le Rwanda. Edze eƒe dɔ gɔme abe sukunufiala ene. Le ƒe 1992 me la, wotsɔ ɖoƒe aɖe nɛ le Gisenyi du me le Sonarwa, si nye nugblẽfexeha aɖe gbɔ, le eƒe gomekpɔkpɔ vevie le nutoa me habɔbɔ si nye Mouvement républicain national pour la démocratie et le développement (MRND) me ta. Tso ƒe 1992 va ɖo ƒe 1994 me la, enye MRND ƒe Agbalẽŋlɔla Gãtɔ na du si nye Gisenyi eye wònye Interahamwe ƒe Dukplɔla na du ma ke.[1].
Le ƒe 2005 ƒe nyatsotso si wotsɔ ɖe eŋu nu la, esi wònye Interahamwe ƒe aʋafia ta la, eɖo aʋawɔha tɔxɛ aɖe hena Tutsi nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe kple wo wuwu kpakple Rwanda Dukɔlɔ̃lawo ƒe Habɔbɔ si Paul Kagame nɔ ŋgɔ na hã wuwu. Le Anyɔnyɔ 8, 2005 dzi la, Dukɔwo Dome Nuvlowɔlawo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Rwanda (ICTR) tsɔ nya ɖe Bernard Munyagishari ŋu.[1]. Wolée le Dame 26, 2011 dzi le Democratic Republic of Congo ƒe ɣedzeƒe esime wòxɔ ƒe 52.[2],
Wotsɔ Munyagishari yi ICTR le Siamlɔm 24, 2013. Eƒe nyaa tsi megbe le mɔxenu gbogbo aɖewo ta. Eʋli nya be esi Kongotɔe yenye ta la, yemese Rwandagbe si nye Kinyarwanda o. Le Afɔfiɛ 20, 2017 dzi la, ICTR ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo tso afia nɛ be wòanɔ gaxɔ me le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Etsɔ nyaa yi ʋɔnui, eye nyagbugbɔgadrɔ̃ ƒe ɖoɖoa gakpɔtɔ le edzi yim.[3][1]
Nyatakaka siawo tsoƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- 1 2 3 "Bernard Munyagishari - TRIAL International". Archived from the original on 2019-08-22. Retrieved 6 June 2024.
- ↑ "Rwanda: Bernard Munyagishari arrested for genocide". BBC. 26 May 2011.
- ↑ "Rwanda: Suspect transfers signal new stage in genocide trials". www.justiceinfo.net. Retrieved 6 June 2024.