Bernard Avle
| Sex or gender | male |
|---|---|
| Country of citizenship | Ghana |
| Given name | Bernard |
| Date of birth | 20 Dame 1981 |
| Native language | Eʋegbe |
| Languages spoken, written or signed | Eŋlisigbe |
| Occupation | journalist |
| Employer | Citi FM |
| Educated at | University of Ghana Primary School, Legon, Presbyterian Boys' Senior High School, University of Ghana, Warwick Business School |
| Hair color | black hair |
Wodzi Bernard Koku Avle si wogayɔna hã be Bernardino Koku Avle le Dame ƒe ŋkeke 20lia, 1981 dzi. Enye nyadzɔdzɔgblɔla kple dutoƒonuƒola le Ghana. Enye Citi FM ƒe ŋdi wɔna si nye The Citi Breakfast Show kple Point Of View Show si wowɔna le ChannelOne ƒe wɔnawo dzikpɔla.[1][2]Ɣeaɖewoɣi hã, ekpɔa nutome kple dukɔwo dome takpekpewo dzi.[3][4]
Sukudede
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Ewu eƒe gɔmedzesuku nu le University of Ghana Primary School Legon. Eyi sekɛndrisuku le Presbyterian Boys' Senior High School. Emegbe, woxɔe ɖe University of Ghana, Legon afisi wòxɔ Bachelors of Arts le Ganyawo me kple bubu. Eyi sukudede dzi le Warwick Asitsasuku si le UK abe Chevening Scholar ene[5]. Afisi woxɔ eƒe MBA le Asitsatsa me le.[5]
Dᴐwᴐna
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Enye nyadzɔdzɔdɔwɔla kple dɔdzikpɔlagã hã le Citi FM, afisi nye Ghana radiodɔwɔƒe siwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu la dometɔ ɖeka. Enye Xexeame Katã ƒe Asitsatsa ƒe Habɔbɔ si le Ghana [6][7]ƒe dziɖuha me tɔ hã. Abe iJourno Africa ƒe dɔdzikpɔla si ɖoe anyi ene la, enaa hehe gomekpɔlawo eye wònaa mɔnukpɔkpɔ kple dɔwɔnu si woazã atsɔ aƒo nu tso nutoa me nyawo ŋu abe dukɔmevi nyadzɔdzɔgblɔlawo ene. Ewɔa wɔna geɖewo le Channel One TV kple Citi FM vevietɔ The Point of View kple wɔna bubuwo abe EdTech Mondays si nye hadomewɔna si Mastercard Foundation kple MEST Africa do alɔe.[1]
Galamsey
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le ƒe 2017 me la, Bernard Avle kple Citi FM ho aʋa ɖe tomenukuku madzemadzeɛ si wogayɔna hã be Galamsey si tsrɔ̃ Ghana ƒe tsidzɔƒewo le ƒe ʋe siwo vayiawo me.[8] Ghana Tomenukuƒea ƒo abɔta nɛ ɖe eƒe tsitretsitsi ɖe galamsey dɔ nyuia ta.[9][10] Le Dame 2020 mea, Bernard Avle ɖe ɖetsɔleme fia ame agbɔsɔsɔme si Nyatakaka Dɔwɔƒea ɖe mɔ na be woaƒo nu na dukɔa le woƒe nyadzɔdzɔgblɔlawo ƒe nyatakaka siwo wonana edziedzi me la me.
Agbenɔnɔ
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Bernard Avle ɖe Justine Avle si megali o [11]kple vi ene.[12] Atsu kple asi sia ɖe srɔ̃ le ƒe 2011 me.[13]
Abɔtaƒoƒo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Abɔtaƒoƒo aɖewo siwo eƒe wɔnawo xɔe nye esi:[10][14][15][16][17]
| Year | Nominee / work | Award | Result |
|---|---|---|---|
| 2015 | Citi Breakfast Show | Chartered Institute of Marketing Ghana (CIMG) Radio Programme of the Year | Won |
| 2013 | Citi Breakfast Show | Chartered Institute of Marketing Ghana (CIMG) Radio Programme of the Year | Won |
| 2007 | Citi Breakfast Show | BBC Africa Radio Awards Interactive/Talk Show of the Year | Won |
| 2018 | Bernard Avle | Ghana Journalists Association (Journalist of The Year – 2017) | Won |
| 2018 | Citi Breakfast Show | Ghana Journalists Association (Best Radio Morning Show – 2017) | Won |
| 2019 | Citi Breakfast Show | Ghana Journalists Association (Best Radio Morning Show – 2018) | Won |
| 2019 | Citi FM | Ghana Journalists Association (Best Radio Station (English) – 2018) | Won |
Kpekpeɖeŋuxɔʄewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- 1 2 https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-1
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-2
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-3
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-4
- 1 2 https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-gov.uk-5
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-6
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-7
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-8
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-9
- 1 2 https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-:0-10
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-11
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-12
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-13
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-:0-10
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-:1-14
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-16
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Bernard_Avle#cite_note-17