Jump to content

Aso Olona

Tso Wikipedia
Aso Olona clothing worn by an Osugbo Ijebu woman

Aso Olona nye Yoruba ƒe dekɔnu avɔ si wozãna tsã le "geometry" geometri ƒe nɔnɔme siwo gɔme sese sesẽ kple dekɔnuwo ƒe vevienyenye, vevietɔ le Ijebu ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dome.[1] Nya "Aso Olona" gɔmeɖeɖe nye "avɔnu si wòado" le Yoruba gbe me.[2] Aso Olona nye avɔ si wotsɔ asi wɔe si ateŋu ava kple atsah abe agamah ƒe nɔnɔme ene.[3]

A sample of Aso Olona

Zigeɖe la, wolɔ̃a Aso Olona la kple dzesi siwo tsɔa gɔmesesewo ɖe asi.[4] Wozãnɛ le Yoruba ƒe ɖekɔnu nudodowo si nye Kaja alo Pakaja, si nye Yoruba ƒe awu si wotsɔa aŋɔ wɔe. Azɔ hã, wozãa Aso Olona na Iro ati Buba, si nye "blouse" awu legbe ƒoƒu kple awu legbe gã si wodona. Wotsɔa nuzazãwo abe Gele (taku), Ipele "shawl", eye woɖo atsyɔ̃ kple dzonu si le dekɔnu ɖe asi vevienyenye tɔ.[5]

Aso Olona Ipeles si woyɔna be Itagbe bɔ vevietɔ na Ogboni nudzɔdzɔwo. Wozãa avɔa abe tanya vɔ ene na Ogboni/Oshugbo du, si sẽŋu kple adzame habɔbɔ hamemetsitsiwo kple kplɔlawo si le Yoruba du me. Fiawo, trɔnɔwo kple dume viwo hã donɛ le wɔna aɖewo me, abe nudzɔgbewo, kple azãɖuƒewo, kpakple kɔnuwɔƒewo. Wobunabe enye domenyinu si xɔ asi kple dzesi si ŋse le kple bubuwo.[6] Menye atsyã nuti nyagbɔgblɔ koe avɔ sia nye o ke enye amenyenye kple domenyinu ƒe nɔnɔmetata hã.[7] Wozãnɛ zi geɖe le nudzɔdzɔwo vevie kple nudzɔgbewo, wo do nɛ le nuɖeɖefiagbewo le Yeruba kɔnyinyiwo me.[8]

  1. https://en.wikipedia.org/wiki/Aso_Olona#cite_note-1
  2. https://en.wikipedia.org/wiki/Aso_Olona#cite_note-2
  3. https://en.wikipedia.org/wiki/Aso_Olona#cite_note-3
  4. https://en.wikipedia.orgAso_Olona#cite_note-4
  5. https://en.wikipedia.org/wiki/Aso_Olona#cite_note-5
  6. https://en.wikipedia.org/wiki/Aso_Olona#cite_note-6
  7. https://en.wikipedia.org/wiki/Aso_Olona#cite_note-7
  8. https://www.worthpoint.com/worthopedia/set-aso-olona-handwoven-ogboni-1919246266