Jump to content

André Ayew

Tso Wikipedia
Andre Ayew le bɔl ƒom na ghana le ƒe 2015 me

André Morgan Rami Ayew ( /ˈ ɑː j uː // wodzii le Dzome 17, 1989)[1], si wogayɔna be Dede Ayew, nye bɔlƒola bibi si ƒoa bɔl abe aʋala alo ŋgɔgbevi ene na Ligue 1 habɔbɔ si nye Le Havre kple Ghana dukɔa ƒe bɔlƒoha.[1] Ayew nye Ghana dukɔa ƒe bɔlƒoha ƒe ŋgɔnɔla.

André Ayew nye Abedi "Pele" Ayew, si nye Afrika bɔlƒola nyuitɔ zi etɔ̃ kple FIFA 100 me tɔ,ƒe viŋutsu evelia eye nɔviŋutsu eve le esi, Ibrahim kple Jordan Ayew, amesiwo hã nye bɔlƒola bibiwo. Le ƒe 2011 me la, woyɔ Ayew be BBC ƒe Afrika Bɔlɔbɔla Nyuitɔ kple Ghana ƒe Bɔlɔbɔla Nyuitɔ.

Dɔwɔɖui ƒe gɔmedzedze

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]
André Ayew le Marseille

Ayew dze eƒe dɔ gɔme kple 1860 Munich, afisi fofoa ƒo bɔl le. Esi Ayew xɔ ƒe ewo la, enɔ bɔluƒom na Nania, afisi fofoa nye habɔbɔa ƒe zimenɔla le, le Accra, Ghana. Esi wònɔ eƒe dɔwɔɖui wɔm le habɔbɔa ƒe sɔhɛwo ƒe suku ƒe ene megbe la, wodoe ɖe ŋgɔ wòva zu ƒuƒoƒoa ƒe ame tsitsiwo esime wòxɔ ƒe wuiene. Togbɔ be enɔ ame tsitsiwo ƒe ƒuƒoƒoa me hã la, egakpɔa gome le wɔna siwo ŋu sɔhɛwo da asi ɖo me, abe Altstetten U-19 Hoʋiʋli si wowɔ le ƒe 2004 me, si me wotsɔ ŋkɔ nɛ be enye hoʋiʋlia me bɔlfola xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka ene. Ayew ƒo bɔl le Nania hena ɣeyiɣi eve hafi dzo le bɔlƒoha la me eye wòtrɔ yi Francedukɔme be yeaƒo bɔl na fofoa ƒe bɔlƒoha tsãtɔ si nye Marseille . Ayew va ge ɖe habɔbɔa me le hehenala ƒe nubabla me eye, esi wòva ɖo la, wotsɔe de habɔbɔa ƒe sɔhɛwo ƒe ɖoɖoa me eye wotsɔe de Marseille ƒe dɔnyala ƒe nubabla gbãtɔ me, eye wòlɔ̃ ɖe ƒe etɔ̃ ƒe nubabla dzi. Wodoe ɖe ŋgɔ le se nu wòzu ame tsitsiwo ƒe ƒuƒoƒoa eye wodo awudziwui si nye xexlẽdzesi 29 na ƒuƒoƒoa.[2]

  1. 1.0 1.1 https://www.transfermarkt.com/andre-ayew/profil/spieler/45403
  2. https://www.transfermarkt.com/andre-ayew/profil/spieler/45403