Ana Paula dos Santos
| Sex or gender | female |
|---|---|
| Country of citizenship | Angola |
| Given name | Ana, Paula |
| Family name | dos Santos |
| Date of birth | 17 Kele 1963 |
| Place of birth | Luanda |
| Spouse | José Eduardo dos Santos |
| Languages spoken, written or signed | Pɔtugisgbe |
| Occupation | model, flight attendant |
| Position held | First Lady of Angola |
| Educated at | Agostinho Neto University |
| Member of political party | MPLA |
Ana Paula Cristovão Lemos dos Santos (wodzi le 17 October 1963) nye Angola ƒe dukplɔla tsãtɔ, José Eduardo dos Santos ƒe ahosi. Enye Angola ƒe aƒenɔ Gbãtɔ tso ƒe 1991 va ɖo ƒe 2017 me.[1]
Ðevimenɔɣi kple sukudede
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wodzi Ana Paula Cristovão Lemos dos Santos le Luanda, Angola, le ƒe 1963 me. Enye atsyãwɔla kple yameʋu me amedzroxɔla le Angola dukplɔla ƒe yameʋua me, esime wòdo go José Eduardo dos Santos si wòava srɔ̃ le ɣeyiɣi si me wònɔ dɔ wɔm le dukplɔla ƒe yameʋuwo me.[1]
Dᴐwᴐna
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le ƒe 1990 kple 1994 dome la, ewu dukɔa ƒe nufialawo ƒe hehexɔxɔ nu le Dukɔa ƒe Sukudede Dɔwɔƒe, Luanda.[1] Emegbe la, ewu senyawo ŋuti nusɔsrɔ̃ nu le Agostinho Neto Yunivɛsiti ƒe Senyawo ƒe Dɔwɔƒe.[1] Enye Angola ƒe aƒenɔ Gbãtɔ tso ƒe 1991 va ɖo ƒe 2017 me.
Ame ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Cristovão Lemos ɖe José Eduardo dos Santos le May 17, 1991 dzi eye wònye vi etɔ̃ dada, Eduane Danilo dos Santos (wodzi le 29 September 1991), Joseana dos Santos (wodzi le 5 April 1995), kple Eduardo Breno dos Santos (wodzi le 2 October 1998).[2]
Dutadɔnunɔla aɖe gblɔ tso dukplɔla kple aƒenɔ gbãtɔ ŋu be: “atsu kple asi dzetugbewo, siwo do awu nyuie eye woxɔ asi, siwo le xexeame katã dim abe ɖe wole California ƒe dzigbe gome ene.”[3] Le ƒe 1997 me la, Ana Paula ɖe gbeƒãe le dutadɔnunɔlawo dome be ye viŋutsu si xɔ ƒe atɔ̃ la aŋlɔ ŋkɔ ɖe Portugaltɔwo ƒe suku si le Luanda me le dukɔa ƒe sukudede ƒe "nɔnɔme gbegblẽ" (si ta ame geɖe bua fɔ ye srɔ̃ ɖo) ta. Edze agbagba hã be yeana woase yeƒe anyinɔnɔ le dɔdzikpɔkpɔnyawo me; afɔɖeɖe si do dziku na dunyahehe me tɔwo. Eƒe asitsatsa ƒe didiwo hã le dzo dam, vevietɔ eƒe diamond didiwo.
Dos Santos nye Kɔmiti si doa alɔ kɔƒenutome nyɔnuwo (COMUR) ƒe tatɔ, si tsɔa gadodo suewo doa alɔe. Enɔ eƒe dukɔa teƒe le Dukɔwo Kple Dziɖuɖuwo ƒe Tatɔwo ƒe Gadodo Suewo ƒe Takpekpe si wowɔ le Washington, D.C., le ƒe 1997 me.
Dos Santos doa alɔ amesiwo ŋu tomebɔmb gblẽ nu le. Eɖo Lwini Foundation for social solidarity si tsɔ eɖokui na be yeado alɔ dumevi dzrowo, vevietɔ nyɔnuwo kple ɖeviwo.[4]
Nyatakaka siawo tsoƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- 1 2 3 4 "H.E. Mrs. Ana Afonso Dias Lourenço – African First Ladies Peace Mission – AFLPM". Retrieved 2026-03-14.
- ↑ "Ana Paula dos Santos (in Portuguese)". CLUB K. 27 October 2009. Retrieved 30 March 2024.
- ↑ "Ana Paula Dos Santos | Who's Who Profile | Africa Confidential". www.africa-confidential.com. Retrieved 2017-07-10.
- ↑ "Founding members of Lwini Fund (in Portuguese)". lwini.og.ao. 12 March 2009. Archived from the original on 12 March 2009. Retrieved 30 March 2024.