Agbezuge ƒe Nublanuinya
Amegbetɔa alo Agbezuge ƒe Ŋutinya nye Sam J. Obianim ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖe Eʋegbe me le ƒe 1949 me.[1] Edzɔ le teƒe aɖe le Eʋeanyigba si me Ghana, Togo, kple Benin ƒe akpa aɖewo le. Woɖoe ɖe ɣeyiɣi si do ŋgɔ na dutanyigbadziɖuɖua me, afisi aʋawɔwɔ nɔ ƒuƒoƒo vovovowo dome. Ŋutinya la ƒe tameɖoɖo le akpa eve me.
Babla
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Ŋutinya la ƒe akpa gbãtɔ ɖe Hotor Desu kple eƒe kluviwo ƒe kesinɔnuwo fia nuxlẽlawo. Emegbe eɖe Domelevo. Le srɔ̃ɖeɖea me la, Agbezuge fa avi esi wòse ha aɖe. Agbezuge gblɔ eƒe agbemeŋutinya na Hotor Desu eye wòtsɔ alesi wòsi le kɔƒe vɔ̃ɖi la me hã fia. Domelovo di be yeawu Agbezuge gake hafi ŋutinyaa naɖo nuwuwu la, Agorbaya wui elabena nuvɔ̃ ƒe fetu nye ku. Hotor Desu lɔ̃ Domelovo vevie. Agorbaya xlɔ̃ nu Agbezuge be xɔlɔ̃ gbogbo kplɔa ame yia ku me. Akpa sia wu enu kple Hotor Desu ƒe ku kple alesi woma eƒe nunɔamesiwo elabena vi aɖeke menɔ esi wòanyi eƒe dome o.
Akpa evelia ƒo nu tso Agbezuge ƒe fukpekpewo ŋu. Xɔlɔ̃ siwo di be yewoawui la de abi eŋu vevie. Bumekpo ƒe bu la na be wonya Agbezuge le dua me. Papa Ge, amesi nye ametsitsi la, gblɔ aʋa siwo dzɔ le Asantetɔwo kple Eʋetɔwo dome la ŋuti nyawo na viawo. Esi Agbezuge va ɖo la, Papa Ge xɔe, eye esi wòdze dɔ la, eya kple srɔ̃a wokpɔ edzi nyuie. Le kuɖiɖi gã la me la, Agbezuge wɔ dɔ sesĩe be wòana nuɖuɖu ameawo katã. Nublanuinya bubu gadzɔ esime wotsɔ fiafi ƒe nya ɖe eŋu be efi Papa Ge ƒe ga. Woƒoe hede kɔsɔkɔsɔe. Le nuwuwu la, Agbezuge ke ɖe eƒe ƒome si bu la ŋu, eye wotrɔ via ŋutsuvi ɖeka si nye kolia la nɛ.
Agbalẽŋɔŋlɔ ƒe vevienyenye
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Esia nye agbalẽ gbãtɔ si woŋlɔ ɖe Eʋegbe me. Sukuviawo zãa nuŋɔŋlɔ sia abe Eʋetɔwo ƒe agbalẽnyawo ene le West African Examination Council (Ɣetoɖoƒe Afrika Dodokpɔwo ƒe Aɖaŋuɖoha) ƒe dodokpɔwo me.[2]
Agbalẽtata ŋuti nyatakakawo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]EP Church Press of Ho, Ghana ta Agbezuge zi gbãtɔ le ƒe 1949 me.[1] Wota Fransegbe me gɔmeɖeɖe le ƒe 1990 me, eye woŋlɔe de UNESCO ƒe teƒenɔlawo ƒe agbalẽwo ƒe ƒuƒoƒo me.[3]
Nusiwo ŋu woke ɖo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- 1 2 Amegbleame, Simon Agbeko (2007). "Amegbetoa alo Agbezuge le nutinya de sam obianim (éwé, 1949) : une quête exaltée de l'humain". L'effet roman: Arrivée du roman dans les langues d'Afrique. Editions L'Harmattan. pp. 167–179. ISBN 9782296165021.
- ↑ West African Examinations Council
- ↑ "UNESCO collection of representative works, 1994". unesdoc.unesco.org. 1994. Retrieved 2023-07-10.