Jump to content

Adzo

Tso Wikipedia
(Woɖo wò ɖe afii tso Adzowo)

Adzo alo Adzowo (si woyɔna le Eŋlisigbeme be Riddle) nye nya kpui aɖewo si wogblɔna tsɔna doa ame ƒe susu kpɔ, eye eƒe gɔmesese be ɖe eme. Kɔsasa alo babla nɔa adzowo ŋu. Amewo dzea agbagba desiade tua kɔsasa sia, si fia kɔtɔe be woɖe egɔme.

Adzo ƒe vevie nyenyewo

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Adzototo wɔnɛ be:

  1. Miesrɔa nulele ɖe tame.
  2. Miesrɔa nuƒoƒo le amedome.
  3. Miesrɔa sedziwɔwɔ.
  4. Mesrɔa tamebubu
  5. Ɖekawɔwɔ va ɖeviwo dome.
  6. Miesrɔa hadome gbenɔnɔ.

Esia nye adzo aɖewo kple wo ƒe gɔmeɖeɖe.

Adzo ƒe kpɔɖeŋuwoGɔmeɖeɖewo
Ege kpɔ sukuviwo kplɔe doMi / Emi
Ele kpuie do gawuNeƒui
Esi metso ɖe meyɔ wòaLuʋɔ / Vɔvɔli
Eyi ʋui gbɔ ʋuiTukpe
Etre vi eve le tsi dziEno
Ebia hẽ menyanyinyim oDzo / Tadi
Lagã aɖe li ne no tsi ko ekuEdze
Bafa aɖe li nekpɔ nu ɖu hafi wotsia treKotoku
Tɔsisi aɖe li lã kukuwo sɔŋ koe le emeDettsi
Wole fufu tom avu le ɣe ɖumEno
Kuviatɔ kpla goAɖiba
Ele avɔkpowo dome gake tsi amamaAbui / Tɔnui
Eyi tsileƒe gbɔ kple aɖatsiAkutsa
Dã va yi gake eƒe fli meli oTɔdziʋu
Avegametadi klẽ ŋku hɔ̃ɔAtɔtɔ
Anagotɔ ƒe agbadzi le kliyoAɖukpodzi
Gagɔdɔe le gli ŋuEto
Kadze le tor toefu