Yesu

Tso Wikipedia
(Woɖo wò ɖe afii tso Yesu Kristo)
Yesu Kristo

Yesu, amesi woga yɔna be Yesu Nazaret-tɔ la, enye ame si enye ame vevietɔwu na Kristotɔwo katã le xexeame godoo. Woga yɔnae be Yesu Kristo hã. Wotsɔ Yesu ŋkɔa tso Helagbe me Ίησους (Iēsous). Yudatɔwo, si gbɔ ŋkɔ sia tso gbã la, yɔnae be יהושע (Yehoshua) alo ישוע (Yeshua). Kristo tso Helagbe Χριστός (christós) me. Esia tso Yudagbe משיח - (machiakh) alo Mesaya, si gɔme enye "amesi wosi ami ɖe ta na".

Amesiwo dze Yesu Kristo Yome, xɔse ɖe eƒe nufiafiawo dzi kple nusiwo kata͂ woŋlɔ͂ɖi le Biblia me kuɖe eŋu kpakple amesiwo subɔa le habɔbɔ siwo ɖo xɔse siawo la ŋkɔe nye Krisotɔwo.

Kristotɔwo xɔe se be : Yesu Kristo nye Mawu ŋusekatatɔ ƒevi. Èɖi tsò dziƒo va nɔ amegbetɔwo dome. Ènɔ anyigba dzi wɔ ƒe bla etɔ vɔetɔ. Ema yomela, eku eye wòɖii. Le ŋkeke etɔ megbe la, efɔ tso amekukuwo dome. Etrɔ yi dziƒo bɔbɔ nɔ anyi ɖe efofoa Yehowa ƒe ɖusi me. Àtrɔ ava àdrɔnʋɔnu amegbetɔwo katã ne fofoa ɖemɔ ne be woawɔ esia.

Alẽkplɔlawo va Yesu gbɔ

Kristotɔwo xɔ edzi se be ne ame aɖe xɔ edzi se be Yesu Kristo ye nye Mawu ƒe tenuvi la, amema àxɔ agbemavɔ eye ne wogaku eye wòɖii hã la, ne Yesu Kristo trɔ va ko la, amema ànɔ agbemavɔ le anyigba dzi. Nusi wole be amegbetɔ nanya ye nye be Yesu Kristo ɖeka ye nye mɔla, nyaateƒe la kple agbela.

Nusiwo míenya tso Yesu ŋuti la tso Biblia la ƒe Nyanyuigbalẽ eneawo, si wo le Nubabla yeye la me. Ame geɖe siwo nyaa nu le Biblia la ŋuti, xɔ edzi se bena Yesu enye Yudatɔ, si tso Galelia la. Wo ga xɔe se hã bena eyae enye nufiala, atikewɔla kple dɔyɔla, amesi Yohannes Tsitadela la de tsi ta na, eye wo hee ɖe ati ŋu le Yerusalem, le nunɔla Pontio Pilaté te.

Nusrɔla ʋea ɖewo hã gblɔna bena Yesu ɖeke menɔ anyi le xexeame akpɔ o.

Kristotɔwo ƒe xɔse enye be Yesu enye Mesaya alo Xɔla si ƒe vava wogblɔ daɖi le Nubabla xoxo la me, eye bena éfɔ tso ku me le eƒe hehe ɖe ati ŋu megbe. Eƒe subɔlawo xɔe se be Yesu enye Mawu, vi la ŋutɔ, si va be yea na ɖeɖe amegbetɔwo, eye yea he wo va ye gbɔe. Kristotɔwo ga xɔe se bena ɖetugbui leaƒe ye dzii, eye eƒe agbe kple dɔwɔwɔwo katã na nyagblɔɖi siwo wogblɔ daɖi tso blema ke la, va eme. Wo ga xɔ edzi se bena Yesu ga trɔ yi dziƒo, eye wo gale tɔtrɔ ge ava anyigbaa dzi zi eveliae.

Mɔsilemtɔwo kpɔa Yesu abe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ene. Wo me xɔe abe Mawu ŋutɔ alo via ene o. Wo me xɔ edzi se bena wo he Yesu ɖe ati ŋu eye wo ku o. Wo lɔ̃ bena Yesu yi dziƒo eye wo le mɔkpɔm be aga trɔ ava ne xexeame yɔ fũ kple eƒe nuvɔ̃wo.