Yaa Asantewaa

Tso Wikipedia

Wodzi Yaa Asantewaa (1840 - Kele 7, 1921) le Besease le Asante nutome. Yaa Asantewaa ɖe aƒetɔ Nana Owusu Kwabena eye wodzi vinyɔnuvi ɖeka si nye Ama Seerwah Brekatu ko, Yaa Asantewaa nɔ Besease hetsi hafi ʋu yi Boankra be woakpɔ eƒe agblewo dzi eye woaga keke wo ɖe dzi ha.

Esi Iŋlis-yevuwo le mamayɔvia, Afrane Kuma le ƒe 1896 me la Yaa Asantewaa ɖu dzi abe fianyɔnu kple Dufia ŋutsu. Yaa Asantewaa ho aʋa ɖe Inŋlisyevuwo ŋu le ƒe 1900 esi Mɔmefia Hodgson di vevie be yeaxɔ Asantefia ƒe sikazikpui. Ke nu bubu siwo na Asanteawo ho aʋa vevie sia wo enye a. adzɔga si Iŋlis dziɖuɖu ɖo be Asanteawo naxe b. Iŋlis yevuwo ƒe fiaga Prempe I ƒe aboyoɖeɖe d.Asanteawo dzi zizi be woawɔ mɔɖedɔ kple agbatsɔdɔ ɖ. Iŋlisiawo ƒe dzotɔtɔ du aɖewo le Kumasi gbɔ Hafi Yaa Asantewaa kple Asanteawo na ho aʋa la, Nyɔnufia Yaa Asantewaa kpe kple fiawo le Tedoxe 28lia le 1900 ƒe zatiƒe eye wonyi dzo . Aʋa sia tso dziku si wodo na Asanteawo to Hodgson ƒe biabia be woatsɔ Asanteawo ƒe fiazikpuiga si wofa sika la na Iŋlisiawo ta.

Yaa Asantewaa zu aʋafia eye woɖo Edweso abe tanɔƒe na eƒe aʋakɔ. Etia Akwasi Badu abe aʋaŋgɔgbea. Yaa Asantewaa ƒe aʋaɖaŋu aɖewo enye be woaɖo gli ɖe Kokofu mɔdodo dziabd akpoxɔnu ɖe yevuawo ƒe tuvɔwo ŋu. Wogblɔ ha be ede amatsi tɔxɛ si wowuna ɖe asrafowo dzi esi wɔe be tukpe melɔa wo bɔbɔe o. Yaa Asantewaa ŋutɔ kpe aʋa kple yevuawo gake mexɔ tukpe bi ɖeka gɔ ha o. Iŋlis yevuwo ƒe aʋalɔgo si aʋafia ST Hill, Lt. Aspinall, kple Major Manta-naro kplɔ la kpe aʋa kple Asanteawo le Anyɔnyɔ 30lia le ƒe 1900me. Esi yevuawo si Asanteawo la woga trɔ yi Kumasi. Esi yevuawo di vevie be ye woa le fia tsitretsilawo ta la, wona mɔnukpɔkpɔ fia siwo he wo ɖokuiwo ɖe go la be woakpɔ ablɔɖe tohe aɖeke manɔmee. Yevuawo na adzɔga pɔnde 600 be amesiame si ate ŋu le fia siwo ho aʋa dometɔ aɖe la akpɔ gome tso ga home sia me. Esia wɔe be wote ŋu le Asantefia gede siwo ho aʋa ɖe Iŋlisiawo ŋu la. Le Anyɔnyɔ 30lia la Asantewaa kpe aʋa vɔɖitɔ kple Iŋlisiawo esime Asanteawo bu ame alafa eve kple ewo sɔŋ esi me fia ade ha nɔ. Togbɔ be woɖu Asanteawo dzi le aʋa sia me ha la Yaa Asantewaa mena ta o. Ke boŋ esi yi Atwima heva do ɖe Tepa, ke le Tedoxe 3lia le ƒe 1901 me la ena ta. Iŋlisiawo ɖe aboyo Yaa Asantewaa hekplɔe yi ɖe Seychelles ƒukpo dzi . Wodze mɔzɔzɔa gɔme tso Elmina le Mai ƒe ŋkeke 25lia. Woɖo tɔdziʋu alo meli si woyɔna be 'Darkwa”. Meli sia ɖi go ɖe Sechelles le Yuni le ƒe akpe ɖeka alafa asieke (1901) me . Yaa Asantewaa nɔ ƒukpo sia dzi vaseɖe esi woku le Ɔktoba 18lia, 1921 dzi. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ɖeka (101) hafi ku Togbɔ be Yaa Asantewaa abe fia ho aʋa ɖe Iŋlisiawo ŋu be yeaʋli yeƒe dukɔ ta ha la ewɔ domedzadzraɖo dɔ ha. Edi vevie be Asanteawo nawɔ ɖeka kple Iŋlisiawo le tudada gbatɔ le Bari megbe hafi.