Ephraim Amu

Tso Wikipedia
Dzo yi: kuɖɔɖoɖo, dii

Ephraim Kɔku Amu nye Ghana hakpala ta tɔ ɖeka kpakple nufiala. Eƒe ha nyanye tɔ ɖeka ye nye "Yen Ara Asase Ni" si ƒe gɔmeɖeɖe le Eʋegbe me enye "Mia denyigba lɔ̃lɔ̃ la".

Ɖevime kple sukudede[trɔ asi le eŋu]

Wodzi Ephraim le Peki-Avetile le Anyɔnyɔ 13 le ƒe 1899 me. Esi wonye Kuɖagbe wodzii ta woyɔe be Kɔku. Eƒe dzilawo ƒe ŋkɔwo nye Stephen Amuyaa kple Sarah Akoram. Ŋkɔ nyanyɛ si woyɔna na fofoa enye Papa Stefano. Papa Stefano nye aɖaŋuwɔla eye wonye nukpala. Wode mawutsi ta na Ephraim Amu le Ɔktoba 22lia le ƒe 1899 dzi. Osɔfo Rudolf Mallet enye amesi de mawutsi ta nɛ.

Kɔku Ephraim dze gɔmedzesuku gɔme le Mai le ƒe 1906 me. Eyi Peki Blengo titina suku esime woxɔ ƒe wuieve. Ekpɔ dzidzɔ le hadzidzi kple agblede nusɔsrɔ ŋuti vevie eyata ebia tso woƒe nufiala Karl Ntem si be woafia saŋku ƒoƒo ye. Đoɖo si nɔ eya kple nufiala Ntem dome enye be Ephraim Kɔku ade agble na Aƒetɔ Ntem le Memleɖagbewo ekema nufiala ha afia saŋkuƒoƒoe. Kɔku wu eƒe titina suku nu le ƒe 1915 me eye woxɔ ɖaseɖigbalɛ. Wu esia la, ekpɔ dzidzedze le Abetifi Nufialawoheƒe dodokpɔ si wowɔ la me eyata le Ƒe 1916 ƒe gɔmedzedze le Yanuar me la eya kple ehati eve bubu dze mɔ yi Abetifi.

Woƒe mɔzɔzɔ tso Peki yi Abetifi nye agbadroƒe alafa ɖeka kple blaatɔ ƒe azɔli. Le mɔzɔzɔ sia me la, ehia be woatɔ adzudzɔ le mɔta. Wotɔ ɖe duwo me abe Koforidua, Nkawkaw, Asubone kple Obomeŋ. Esi Kɔku ɖo suku la ekpɔ be sukuhati aɖewo doa gasɔ eyata eya ha ɖoe kplikpa be yeakpa atisɔ na yeɖokui. Le nyateƒe me la, ekpa sɔ sia ha vava eye woɖi ɖase be sukutatɔ Stern ƒe vi gɔ ha kpɔ gome le atisɔ sia dodo me. Amu gayi dzi kpa abo na sukua ɖe abo si wodɔna tso ablotsi la teƒe.

Ephraim Kɔku Amu wu eƒe hehe nu le ƒe 1919 me. Abe nufiala yeye la , ele na Amu be woagblɔ Mawunya eye woana kaklanya eƒe nufialawo kple hamea le ehatiwo ƒe ŋkɔ me. Amu tia eƒe mawunya tso Mateo ƒe agbale me. Mateo Ta 25 kpukpui 40. Eƒe nyati na Kwasiɖa Mawunya sia enye, “Aƒetɔ la aɖo miaƒe nugbegblewo teƒe na mi le esi migblee ɖe ɖevi siawo ta”. Egblɔ eƒe mawunya la le Eʋegbe kple Akuapem me. Le woƒe suku nu wuwu me la ʋuwo va de ha vie eyata enɔ bɔbɔe na Amu be woaɖo ʋu tso Abetifi va Osino eye tso afima etsɔ keteke va ɖi ɖe Koforidua hafi tsɔ ʋu ɖo Frankadua. Ke esi woɖo Frankadua la ehia be woazɔ afɔ yi aƒe.

Eƒe dɔwɔwɔ kple hawo[trɔ asi le eŋu]

Tso Yanuar gbatɔ 1920 la , Amu dze dɔ gɔme abe nufiala le Peki Blengo E.P. Titina suku me. Esi hadzidzi doa dzidzɔ nɛ ta la eɖoe kplikpa be yea fia ha sukuviawo ale be woate ŋu aŋlɔ eye woadzi ha ɖe ɖoɖo alo noti nu. Le esia wɔwɔ me la, eyi Koforidua ɖaƒle kasaŋku adodoe si woyɔna be Henry Riley saŋku. Ede saŋku sia ʋu vaɖo Frankadua gake ele nɛ be woatsɔ saŋku sia ɖe ta tso Frankadua va ɖo Peki. Ke esia mesese na Kɔku Amu kura o. Eya kple mɔzɔla ɖeka si woyɔna be Aƒetɔ Lo la wɔ mɔzɔzɔ sia zã blibo la katã eye Amu ɖo Peki le fɔŋli kple saŋku la le eƒe ta. Esi nusɔsrɔ meti kɔ na Tata Amu o ta, edi be yeaga srɔ saŋku ƒoƒo ale be woama ɖo memie na ye eyata eyi Osɔfo Allotei Pappoe amesi nye nutome Osɔfo na Metɔdist hamea la gbɔ be woafia saŋku ƒoƒo ye. Le ƒe 1926 me la wo do Amu ɖe ŋgɔ eyata wohiã be woaɖee yi Akrɔpɔŋ nufialawo heƒe abe nufiala. Le afisisa la ame geɖwo kpɔ Tata Amu ƒe nuwɔna abe movinu. Abe nufiala si kpɔa agbledenyawo dzii la, ebia tso sukuviwo si be woatsɔ afɔdzi ado nukuwo abe nunryonu gake esia medze nusrɔlawo ŋu o , elabe wobui be mele na agbalɛnyala be woade asi mi ŋuti o. Ke amu ŋutɔ fia kpɔɖeŋu wo . Eya ŋutɔ lɔa mi la yina ɖe agble la me hedoa nukuawo. Togbɔ be sukuviawo lia liʋiliʋi ha la wokplɔnɛ ɖo le dɔa wɔwɔ me.

Amu xɔ ɖe ameyibɔ nuwɔwɔ dzi ale gbegbe be eƒe tsinonu kekeake ha nye tre. Esrɔ Akuapemgbe akuaku tso eƒe hadzihamenɔlawo gbɔ. Tso 1927 la, Tata Amu ɖoe kplikpa be ameyibɔwudodowo koe anye yeƒe nudodo. Eɖoe be yemaga do yevuwu titri siwo na wodzea fifia la le ameyibɔ nyigba dzi o.

Tata Amu to eƒe aɖaŋuwɔwɔ me la kpa abɛ tso pamplo me. Eyɔ esiawo be Odurogya, odurogyaba kple atɛtɛnbɛn. Amu kpa ha geɖe siwo dometɔ aɖewo nye

  1. Fare thee well
  2. Mawɔ dɔ na Yesu
  3. Nkwagye Dwom
  4. Dwomto
  5. Yetu Osa
  6. Israel Hene
  7. Onipa Đa wo ho so
  8. Yanom Abibirimma
  9. Mia Denyigba Lɔ̃lɔ̃ la (Eʋegbe)
    1. Yen Ara Asase Ni (Blugbe)
  10. Adawura abo me
  11. Samansuo
  12. Ale-gbegbe
  13. Tiri ne nsa ne kuma

Le ƒe 1931 le esi Tata Amu gblɔ mawunya le eƒe ameyibɔvɔ me megbe la, woyɔe ɖe hamea ƒe akametiwo ŋgɔ eye Osɔfoga Peter Hall ka mo nɛ gblɔ be yewomexɔe se be ata avɔ agblɔ mawunya le gbedoxɔ me o eye yewoxɔe se ha be magawɔe akpɔ gbeɖe o. Tso gbemageb dzi la, Kɔkɔ Amu ɖe adzɔgbe na eɖokui be anyo be yeanye nufiala kple saŋkuƒola le hamea me wu be yeazu Mawunua si ado yevuwu manyatanuawo le Afrika dzoxɔxɔ sia me. Evɔ la, Amu ƒe didi veviewo dometɔ ɖeka enye be yeazu Osɔfo hafi.

Tata Amu ɖe srɔ̃ le Yuni 1942 me. Eɖe Aƒenɔvi Beatrice Yao tso Peki Blengo. Tata Amu kpa atiɖaka adodoe aɖe na srɔ̃a ɖe yevugaɖaka teƒe. Tata Amu xɔ ƒe blaene-vɔ-etɔ hafi ɖe srɔ. Le Tedoxe 27lia 1965 le Memleɖa aɖe gbe la Legon Yunivɛsiti na akɔtadzesi kple ɖaseɖigbalɛ kɔkɔtɔ Đɔkita le hakpakpaɖaŋu me Tata Amu.

Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo[trɔ asi le eŋu]