Dzigbe ŋkɔ

Tso Wikipedia

Dzigbe ŋkɔ enye ŋkɔ si wotsɔna na amewo si fiaa ŋkeke si dzi woƒe dzigbe dze. Ŋkɔ siawo tsɔtsɔ bɔ ɖe Bluɔwo kple Eʋeawo dome le Ghana. Ekaka yi Jamaica hãa le Amerika nutowome. Ŋkɔawo to vovo na ŋutsuwo kple nyɔnuwo.

Robert Sutherland Rattray ("Captain R.S.Rattray") srɔ̃nu geɖe le Asanteawo ŋu vayi eye wògblɔ be "Dzigbe ŋkɔ le Asante vidzidzi ɖesiaɖe si". Wofia ŋkɔ siawo le Eʋegbe kple Blugbe me le afii.

Dzigbe ŋkɔwo
Ŋutsuwo Nyɔnuwo
Dzigbe ŋkeke Eʋegbe Blugbe Eʋegbe Blugbe
Kɔsiɖagbe Kɔsi Kwesi / Kwasi Esi / Kɔsiwa / Kɔsiwɔ / Awusi Akosua / Akos
Dzoɖagbe Kɔdzo / Kwadzo / Kudzo Kwadwo Adzo / Adzoa Adwoa
Brãɖagbe Kɔmla / Kɔbla / Kwabla Kwabena Abrã Abena
Kuɖagbe Kɔku / Awuku / Akumɛ Kwaku Aku / Akua / Aku / Akua
Yawoɖagbe Yao / Kɔwu / Yaw Yawa / Awo / Awotɔ / Awoyo Yaa
Fiɖagbe Kofi Kofi Afi / Afua / Afiyo / Afitɔ / Afiwɔ Afua / Afia / Effe
Memleɖagbe Kɔmi / Kwami Kwame Ama / Ami /Ameyo / Ame Ama

Eʋeawo tsɔ na vi alo ga kpe na ɖe dzigbe ŋkɔ siawo nu he tsɔ na doa dzesi amea ƒe nɔnɔme. Le kpɔɖeŋu me, Kɔku kple vi zu na Kɔkuvi eye Yao kple ga zu na Yaoga

Nya siawo ƒe tsoƒe[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]